Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 27:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 ke ne agble la ŋu vo le aseyetsoƒe dzi la, ekem tɔ megale enu o, eŋu kɔ na Yehowa, eye woazu nunɔla ƒe domenyinu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 Ne woɖe asi le anyigba la ŋu le Aseyetsoƒe la me la, ekema anyigba la azu Yehowa tɔ abe anyigba si wotsɔ nɛ ene. Woatsɔe na nunɔla la.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 27:21
11 Mawu Ofanana  

Ke ne amea ɖe meva le ŋkeke etɔ̃ me o la, woagblẽ eƒe kesinɔnuwo kalã gbidigbidi, eye woaɖe eya ŋulɔ le aboyomewo ƒe ha la me, abe alesi amegãwo kple ame tsitsiwo ɖo ene.


Woaɖu nuɖuvɔsa, nuvɔ̃vɔsa kple fɔɖivɔsa, eye nusiwo katã wodo busui le Israel la, nanye wo tɔ.


Miakɔ ƒe blaatɔ̃lia ŋu, eye miaɖe gbe ƒã ablɔɖe le anyigba la dzi na anyigbadzitɔwo katã; aseyetsoƒe wòanye na mi, eye amesiame nagaxɔ eƒe nuwo, eye amesiame nagagbugbɔ ayi eƒe ƒometɔwo gbe.


Gake ne mekpɔ nu wòde, alesi wòana nu o la, ekema nua natsi eƒlela gbɔ, vaseɖe esime aseyetsoƒe naɖo. Le aseyetsoƒea dzi la nu la ŋu vo, eye wòagaxɔ eƒe nu.


Ne womeɖo gli ɖe kɔƒea ɖe ŋu o la, ekema wòabu aƒe kple agbledenyigba katã ɖekae. Woate ŋu agaxɔe, eye woaɖe asi le eŋu le aseyetsoƒe la dzi.


Ne mexɔ agble la o, boŋ wòtsɔe dzra na ame bubu la, ekema womagaxɔe kple ga azɔ o,


Ne amea ɖe kɔ agble, si wòƒle, ŋu na Yehowa, eye menye eƒe domenyinu wònye o la,


Nusianu, si Israel-viwo tsɔ ɖe adzɔgbe ɖika la, nanye tɔwo!


Eye mialɔ aboyonuawo katã ava kɔ ɖe ablɔ me, eye miatɔ dzo du la kple aboyonuawo katã abe vɔsa blibo ene na Yehowa, mia Mawu la, ale be wòatrɔ zu aƒedo ɖikaɖika, eye womagagbugbɔe atso akpɔ o.


Mitsrɔ̃ du la kple nusiwo katã le eme gbidigbidi na Yehowa; negbe Raxab, gbolo la, kple amesiwo katã le eƒe me ko miaxɔ de agbe, elabena eyae tsɔ amesiwo míedɔ la ɣla.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa