Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 26:45 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

45 Le woƒe nyui didi ta maɖo ŋku nu, si mebia kple wo tɔgbuiwo, amesiwo mekplɔ tso Egipte-nyigba dzi le dukɔwo ŋku me, bena manye woƒe Mawu la dzi; nye Yehowa.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

45 Le woawo ta la, maɖo ŋku nye ŋugbedodowo na wo tɔgbuiwo dzi be manye woƒe Mawu, elabena nyee kplɔ wo tɔgbuiwo tso Egipte le esime dukɔwo katã ƒe nu ku esi wonɔ nu siwo nɔ dzɔdzɔm la kpɔm. Nyee nye Yehowa!”

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 26:45
26 Mawu Ofanana  

Mawɔ wò dukɔ gã, eye mayra wò, mana wò ŋkɔ nanyɔ, eye nazu yayra.


Le ŋkeke ma dzi Yehowa bla nu kple Abram gblɔ bena: Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia, si tso Egipte-tɔsisi la nu vaseɖe Frat-tɔsisi gã la nu ana:


Tete Yehowa ɖe eɖokui fiae le zã ma me gblɔ bena: Nyee nye fofowò Abraham ƒe Mawu! Megavɔ̃ o, elabena nye la meli kpli wò; mayra wò, eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ ɖe dzi le nye dɔla Abraham ta.


Manɔ anyi kpli wò, eye afisiafi, si nayi la, makpɔ dziwò, eye mana nagatrɔ ava anyigba sia dzi. Elabena nyemagblẽ wò ɖi, vaseɖe esime mawɔ nya, siwo megblɔ na wò la dzi o.


ekema maɖo ŋku nye nubabla, si mebia kpli mi kpakple ŋutilã sia ŋutilã, siwo me agbegbɔgbɔ le la dzi, eye tsi magaɖɔ aɖe anyigba la bena, nu gbagbewo katã natsrɔ̃ o.


Eɖo ŋu eƒe nubabla le wo ta, eye wòvee le eƒe amenuveve geɖe la nu.


Eye Mawu se woƒe konyifafa, eye wòɖo ŋku nu, si wòbia kple Abraham, Isak kple Yakob la dzi.


Nyee nye Yehowa wò Mawu, si kplɔ wò tso kluvinyenyeƒe me le Egipte-nyigba dzi.


Eyata gblɔ na Israel-viwo bena: Nyee nye Yehowa! Makplɔ mí le dɔ sesẽ, si wɔm miele na Egiptetɔwo la nu, eye mana miavo atso miaƒe kluvidɔ la me, eye mado nye alɔ ɖa atsɔ ŋusẽ gã aɖe mi.


Eye makplɔ mi ayi anyigba, si ŋu meka atam ɖo be, matsɔ na Abraham, Isak kple Yakob la dzi. Nye Yehowa matsɔe na mi wòanye mia tɔ.


Ke nyemewɔe o le nye ŋkɔ ta, ne megado gui le dukɔwo ŋku me, amesiwo ŋku me mekplɔ wo dzoe le la o.


Ke megagbugbɔ nye asi ɖe megbe, eye nyemewɔe o le nye ŋkɔ ta, ne magado gui le dukɔwo ŋku me, amesiwo ŋku me mekplɔ wo dzoe le la o.


Ke nyemewɔe o le nye ŋkɔ la, ne magaɖo gui le dukɔ, siwo dome wole la ŋku me o, amesiwo ŋku me meɖe ɖokuinye fia wo le, ne makplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi.


Nyee nye Yehowa, si kplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi, bena manye miaƒe Mawu. Eyata minɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔetɔ menye.


eye mekplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi, bena manye miaƒe Mawu, nye Yehowa.


Nyee nye Yehowa, mia Mawu, si kplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi, bena matsɔ Kanaan-nyigba na mi, eye manye miaƒe Mawu.


Ke ne woƒe anyidzedze la zu xexeme ƒe kesinɔnu, eye woƒe bubu la zu trɔ̃subɔlawo ƒe kesinɔnu la, aleke gbegbe woƒe xexlẽme ƒe dedeme blibo la mahazui o ma?


elabena Yehowa, wò Mawu la, Mawu nublanuikpɔla wònye, maɖe asi le ŋuwò alo agblẽ wò o, eye maŋlɔ nubabla, si ŋu wòka atam ɖo na fofowòwo la be o.


Ɖo ŋku wò dɔlawo Abraham, Isak kple Yakob dzi, eye megaɖo ŋku dukɔ sia ƒe tamesesẽ, nuvlowɔwɔ kple nuvɔ̃ dzi o;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa