Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 26:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 ekema mana tsi nadza na mi le edzaɣi, anyigba awɔ nu, eye agblemetiwo atse ku.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 mana tsi nadza na mi le tsidzaɣi, anyigba ana eƒe nuɖuɖu, eye gbemetiwo atse woƒe kutsetsewo.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 26:4
31 Mawu Ofanana  

Eye Eliya, Tisbitɔ, si tso Gilead ƒe amedzrowo dome, gblɔ na Axab bena: Meta Yehowa, Israel ƒe Mawu, amesi ŋku me mele tsitre ɖo la ƒe agbe. Zãmu kple tsi madza le ƒe siawo me o, negbe nye koe agblɔe hafi!


amesi naa tsidzadza anyigba, eye woɖoa tsi ɖe lãnyiƒewo.


Enana towo ƒoa tsi beke tso eƒe dziƒoxɔ me, eye eƒe dɔwɔwɔ ƒe kutsetse ɖia ƒo na anyigba.


Mawu, dukɔwo akafu wò, wòe dukɔwo katã akafu.


Anyigba mie eƒe nukuwo. Mawu, mía Mawu la, ayra mí.


anyigba ʋuʋu, Sinai sia hã, le Mawu ŋku me, eye dziŋgɔ ge la le Mawu, Israel ƒe Mawu la, ŋku me.


Nyateƒe amie tso anyigba me, eye dzɔdzɔenyenye ado mo ɖa tso dziƒo.


Yehowa ana nu nyui hã, eye míaƒe anyigba ame eƒe ku.


Ana tsi nadza ɖe nuku, siwo nèƒã ɖe agble me la dzi, nuɖuɖu, tsi tso wò agble me nukuwo me la, avivi, eye woada ami; le ɣemaɣi la wò lãwo aɖu gbe le lãnyiƒe kekewo;


Mawɔe woazu afutime; womaɖe eŋu o, eye womaga eme o, ke boŋ aŋɔkawo kple ŋuwò amie ɖe eme; eye made se na alilikpowo be, womagadza tsi ɖe edzi azɔ o.


Ɖe tsinala le dukɔwo ƒe trɔ wo domea, eye ɖe dziƒo ate ŋu ana tsi nadza? De menye wò Yehowa ye nye mía Mawu oa? Asiwò nu kpɔm miele, elabena wòe wɔ nusiawo katã!


Mana atikutsetsewo kple agble me nukuwo nasɔ gbɔ, ne miagahe dukɔwo ƒe vlodoame ava mia ɖokui dzi le dɔwuame ta azɔ oa


Mi gbemelãwo, migavɔ̃ o, elabena lãnyiƒe ƒe gbewo ade ama; elabena atiwo atse, eye kutsetsewo ado agba ɖe gboti kple weinka dzi.


anyigba la awɔ nu, eye miakpɔ nu geɖe aɖu, eye mianɔ edzi dedie.


mayra ɖe mia dzi le ƒe adelia me ale gbegbe be, miaƒe agblemenuwo nade ƒe etɔ̃ nu.


ke boŋ nuku ŋu afa, eye weinka atse, anyigba aʋã nu, eye dziƒo adza zãmu, eye mana nusiawo katã nazu dukɔ sia ƒe susɔea tɔ.


bena ne miazu mia Fofo, si le dziƒo la, ƒe viwo; elabena eyae nana eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wònana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo.


Gake la medzudzɔ ɖaseɖiɖi le eɖokui ŋuti o, le esime wòwɔa nyuie, eye wòna tsidzadza mí tso dziƒo kple nuƒãɣiwo, eye wotsɔ nuɖuɖu kple dzidzɔ yɔ míaƒe dziwo me fũ.


Ne mielé to ɖe se, siwo mede na mi egbe ŋu pɛpɛpɛ, eye mielɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, eye míesubɔe tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me la,


ekema mana ada kple kele nadza ɖe miaƒe anyigba dzi le edzaɣi, eye aƒo bli, wein kple ami nu ƒu;


Yehowa aƒo eƒe nu nyuiwo nu ƒu na wò, aʋu dziƒo nu, be tsi nadza ɖe wò anyigba dzi le edzaɣi, eye woayra wò asinudɔwɔwɔwo katã, ale be nado nu na dukɔ geɖewo, ke wò ŋutɔ mado nugbana o.


Eyaŋuti migba dzi blewu, nɔvinyewo, halase Aƒetɔ la ƒe vavagbe. Kpɔ ɖa, agbledela lalaa anyigba dzi nuʋaʋã xɔasiwo, eye wògbɔa dzi blewu, halase esime ada kple kele dzana nɛ.


Ŋusẽ le amesiawo si be, woatu dziƒo nu, bena tsi magadza le woƒe nyagblɔdiŋkekeawo me o, eye ŋusẽ le wo si ɖe tɔwo dzi, be woatrɔ wo woazu ʋu, eye be woatsɔ fuwɔame tsyo ƒomevi aƒo anyigba la zi geɖe, alesi wolɔ̃.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa