Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 26:39 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

39 Eye mia dometɔ kpɔtɔeawo atsrɔ̃ ɖe woƒe vodadawo me, le woƒe futɔwo ƒe anyigba dzi, eye woatsrɔ̃ le wo fofowo ƒe vodadawo ta abe woawo ke ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

39 Ame siwo atsi agbe la atsi asi le futɔwo ƒe anyigba dzi le woƒe nu vɔ̃wo kple nu vɔ̃ siwo wo fofowo wɔ la ta.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 26:39
30 Mawu Ofanana  

Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e kple liƒode, siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ, si woxlẽ na Yuda-fia me la, ava teƒe sia kple eme nɔlawo dzi;


Tso mía fofowo ŋɔli ke míeda vo geɖe vaseɖe egbe, eye le míaƒe fɔɖiɖi ta wotsɔ mía kple míaƒe fiawo kple míaƒe nunɔlawo de asi na anyigba dzi fiawo, na yi kple aboyoɖeɖe, na haha kple ŋukpedodo, abe alesi wògale egbe siawo ko ene.


ke ne mietrɔ de ŋunye, eye mielé nye sewo me ɖe esi hewɔ wo dzi la, nenyo be, miaƒe amesiwo woɖe aboyoe la, de wòle keke dziƒo ƒe mlɔenu ke hã la, maƒo mia nu ƒu tso afima akplɔ ava teƒe, si metia be, nye ŋkɔ nana afima.


Megade ta agu na wo o, eye megasubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye, amesi ɖoa fofowo ƒe vodada teƒe na ɖevi, siwo léa tum la, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi;


amesi dzia amenuveve ɖo na ame akpe nanewo, eye wotsɔa vodada, dzidada kple nuvɔ̃ kena; ke megbea tohehe o, boŋ etua fofowo ƒe vodadawo ŋuti le na viwo kple wo viwo ƒe viwo, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi.


Midzra wuƒe ɖo hena viawo le wo fofowo ƒe vodada ta. Womegatso, ne woaxɔ anyigba la, eye woatsɔ anyiglãgowo ayɔ xexeame o.


Míese hadzidzi tso anyigba ƒe mlɔenu be: Woakafu ame dzɔdzɔewo! Ke nyea megblɔ be: Nye nublanuitɔ, baba nam! Adzodalawo le nu ham, nuhaha dzi adzodalawo le!


Miayɔm, miaɖado gbe ɖa nam, eye maɖo to mi.


Míamlɔ míaƒe ŋukpe me, eye míaƒe vlododo netsyɔ mía dzi; elabena mia kple mía fofowo míewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa, mía Mawu la ŋu tso míaƒe ɖevime vaseɖe egbe, eye míeɖo to Yehowa, mía Mawu la ƒe gbe o.


Le ŋkeke mawo me la womagagblɔ azɔ be: „Fofowo ɖu weintsetse hɔhlɔ̃e, eye aɖu nyɔ viwo“ o;


Yuda ʋu dzo le teteɖeanyi kple dɔ sesẽ ta; ele dukɔwo dome, ke mekpɔ gbɔdzɔe o. Eyometilawo katã ɖatui le xaxɛƒe.


Amesiwo tsi yi nu tɔ nyo wu amesiwo esi dɔwuame si me tɔ, nu li kɔ na wo, eye woku, le esi agblemenu le hiahiãm ta.


Miawo miele gbɔgblɔm be: Nukaŋuti fofo ƒe vodada manɔ via dzi ɖo o hã? Ne via wɔa nu dzɔdzɔe kple nusi le eteƒe, eye wòléa nye ɖoɖowo katã me ɖe asi hewɔa wo dzi la, anɔ agbe.


Míado ŋu miaƒe zɔzɔme kple miaƒe nuwɔnawo katã, siwo mietsɔ gblẽ ko ɖo na mia ɖokui la, le afima, eye miava ŋu nyo ge na mia ɖokui le nu vɔ̃ɖi, siwo katã miewɔ la ta.


miaƒe tablanu anɔ ta na mi, eye miaƒe atokotawo atsi afɔ na mi, miaxa nu o, eye miafa avi o, miatsrɔ̃ ɖe miaƒe vodadawo me, eye miaɖe hũ le mia nɔewo dome.


Amevi, gblɔ na Israel ƒe aƒe la bena: Aleke miele gbɔgblɔm be: „Míaƒe dzidadawo kple míaƒe nuvɔ̃wo do agba ɖe mía dzi, eye wona mia nu le yiyim, ɖe míano agbea?“


Miaɖo ŋu miaƒe zɔzɔme vɔ̃ɖiawo kple miaƒe nuwɔna manyomanyoawo, eye miava ŋu nya ge na mia ŋutɔwo mia ɖokui le miaƒe vodadawo kple miaƒe ŋunyɔnuwo ta.


ne abolo kple tsi nahiã wo, eye ame ƒe nu naku ɖe nɔvia ŋu, eye woatsrɔ̃ ɖe woƒe vodada me.


Miaƒe ame sisiwo aɖo ŋku dzinye le dukɔwo dome, afisi woɖe aboyo wo yii, nenye be, megbã woƒe ahasiwɔdzi, si trɔ le yonyeme, kple woƒe ŋku, siwo dze legbawo yome la; eye woanyɔ ŋu na woawo ŋutɔwo ɖokui le woƒe nu vɔ̃ɖi, siwo wotso woƒe ŋunyɔnuwo katã wo la ta;


Magagbugbɔ ayi nɔnyieƒe, vaseɖe esime woafufu ŋku ahadi nye ŋku me; ne wodo xaxa me la, woadi yonyeme mɔ.


Mekaka wo hlẽ ɖe dukɔwo dome, eye woaɖo ŋku dzinye le didi ƒe ke, woawo kple wo viwo atsi agbe, eye woatrɔ agbɔ va aƒe.


Yehowa gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve sɔ gbɔ, etsɔa vodada kple dzidada kena, ke megbea tohehe o, boŋ etua fofowo ƒe vodadawo ŋuti fe na viwo vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi.


Makpɔ gbɔdzɔe le dukɔ mawo dome o, eye wò afɔƒome magbɔ ɖe me o, Yehowa ana natsi dzi le afima, wò ŋku anɔ aƒe dzi, eye vɔvɔ̃ aɖo lãme na wò.


Ne nya siawo katã ava dzo ɖe dziwò, yayra kple fiƒode, tsiwo metsɔ ɖo ŋkuwò me, eye wode dzigbɔ na wò le dukɔ, siwo katã dome Yehowa, wò Mawu, nyã wò ɖo ɖo,


Megade ta agu na wo o, eye megasubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye, amesi ɖoa fofowo ƒe vodada teƒe na vi, siwo léa fum la, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi;


miatsrɔ̃ abe dukɔ, siwo Yehowa be, yeatsrɔ̃ ɖa le mia ŋgɔ la ene, le esi mieɖo to Yehowa, mia Mawu, ƒe gbe o la ta!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa