Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 26:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Mana anyigba la nazu gbegbe, eye miaƒe futɔ, siwo le edzi la, ƒe mo awɔ yaa.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

32 Ɛ̃, mana miaƒe anyigba nazu gbegbe, miaƒe futɔwo axɔ miaƒe anyigba, eye woƒe nu aku le nu si mewɔ mi la ta.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 26:32
28 Mawu Ofanana  

Xɔ sia azu glikpo, eye amesiame, si to eŋu yina la ƒe nu aku, eye wòaɖo tsia abia bena: Nukaŋuti Yehowa wo anyigba sia kple xa sia alea?


Kpɔ ɖa, Yehowa aɖi gbɔlo anyigba, eye wòagblẽe, atrɔ eƒe ŋku me abu anyi, eye woaka edzi nɔlawo ahlẽ.


Mawɔe woazu afutime; womaɖe eŋu o, eye womaga eme o, ke boŋ aŋɔkawo kple ŋuwò amie ɖe eme; eye made se na alilikpowo be, womagadza tsi ɖe edzi azɔ o.


Yehowa Zebaot gblɔ ɖe to me nam bena: Ne xɔ gbogboawo matrɔ zu gbegbe, eye xɔ gã nyuiawo mazu xɔdowo o fĩ!


Tete megblɔ bena: Aƒetɔ, vaseɖe ɣekaɣie? Eɖo ŋu bena: Vaseɖe esime duwo nagbã, eye woazu aƒedo, xɔwo nazu xɔdo, eye anyigba nazu gbegbe,


Dzo fiã míaƒe aƒe kɔkɔe nyo, si me mia fofowo kafu wò le, eye míaƒe nu veviwo katã gblẽ.


Wona wòzu gbegbe, gbegbe le nu xam le ŋunye godoo; anyigba blibo la gblẽ, elabena mede dzigbɔ na amea ɖeke o.


ne woana woƒe anyigba nazu gbegbe kple alɔmeɖenu tegbee, ne amea ɖe to eŋu yina la, eƒe nu aku, eye woaʋuʋu ta.


Mana du sia nazu gbegbe kple alɔmeɖenu; amesiame, si to eŋu yina la ƒe nu aku le eƒe fuɖenamewo katã ŋu, eye wòaɖe alɔme le eŋu.


Anyigba sia azu aƒedo kple gbegbe, eye dukɔ sia asubɔ Babel-fia ƒe blaadre sɔŋ.


na Yerusalem kple Yuda-duwo, woƒe fiawo kple woƒe amegãwo, ne mawɔ wo woazu aƒedo, bibi, alɔmeɖenu kple ɖiŋudonu, abe alesi wòle egbe sia wo ene;


Egblẽ eƒe avegoe ɖi abe dzata ene; elabena woƒe anyigba zu gbegbe le yi gblẽnu kple eƒe dɔmedzoe heliheli nu.


Ale Yehowa gblɔ esi: Teƒe sia, si ŋu miele gbɔgblɔm le be, ezu aƒedo, amegbetɔwo kple lãwo megali o, Yuda-duwo kple Yerusalem-kpɔdomeewo tsi ƒuƒlu, eye amegbetɔwo kple lãwo megali o la,


Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi. Miekpɔ dzɔgbevɔ̃e, siwo katã mehe va Yerusalem kple Yuda-duwo katã dzi, eye kpɔ ɖa, wòzu aƒedowo egbe siawo, eye amea ɖeke mele wo me o,


Eye esi etsɔtsɔ ti Yehowa, le miaƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo kple miaƒe ŋunyɔnu, siwo miewɔ ta la, eyata miaƒe anyigba zu aƒedo, gbegbe kple ɖiŋudonu, eye ame vɔ le edzi, abe alesi wòle egbe siawo ene!


Amesi nye ŋutsu nyanu la, nèse esia gɔme, eye amesi Yehowa ƒe nu toa nya na la, eya negblɔ nusi ta wotsrɔ̃ anyigba la, eye wogblẽe wòzu gbegbe, ale be amea ɖeke megatoa edzi yina o la ɖo.


Anyigba dzi fiawo kple xexeametɔwo katã mexɔe se be, ketɔ kple futɔ la age ɖe Yerusalem ƒe agbowo me hafi o.


ɖe Zion-to la ŋu, elabena ezu gbegbe, eye abeiwo le edzi tom.


Eye azu alɔmeɖenu kple vlodonu, nuxlɔ̃amenu kple ŋɔdzinu na dukɔ, siwo ƒo xlã wò godoo, nenye be, medrɔ̃ ʋɔnu wò le dɔmedzoe kple dziku me, eye mehe to na wò kple dziku; nye Yehowa ye gblɔe;


Mía Mawu, ƒu to anyi nase nu, eye nake ŋku akpa alesi míetsi gbegbee, kple du, si ŋu woyɔ wò ŋkɔ ɖo la ɖa; elabena menye míaƒe dzɔdzɔenyenye ta mlehɔhɔ mía ɖokui ɖe anyi le koko ƒom na wò ɖo o, ke boŋ le wò nublanuikpɔkpɔ geɖe la tae.


le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me la nye Daniel melé ŋku ɖe agbalẽwo me ɖe ƒe, siwo ŋu Yehowa ƒe gbe va na nyagblɔɖila Yeremya ɖo be, woanye ƒe blaadre ayi ɖe Yerusalem ƒe aƒedo ŋu la ƒe xexlẽme ŋu.


Gboti magaƒo se o, eye weinka matse o; amiti agbe aminana, eye agblewo mana, nuɖuɖu o; woatsrɔ̃ alẽwo le lãkpɔwo me, eye nyiwo maganɔ lãxɔwo me o.


Ke ne miekpɔ aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem ŋu la, ekema midze sii bena, eƒe aƒedozuɣi ɖo vo.


Eye dukɔ, siwo katã dome Yehowa anyẽ wò aɖo ɖo la, aɖe ao ɖe ŋuwò, woatsɔ wò awɔ lodonya kple alɔmeɖenui.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa