Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 26:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Maɖe ŋku ata mi, miaƒe futɔwo asi mí, eye miaƒe adikãtɔwo aɖu mia dzi, eye ne amea ɖeke mele mia nyãm o hã, miade afa du me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

17 “Maɖe ŋku atɔ mi; miasi le miaƒe futɔwo nu. Ame siwo lé fu mi la aɖu mia dzi. Gawu la, miade asi sisi me, togbɔ be ame aɖeke manɔ mia nyam o hã!

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 26:17
30 Mawu Ofanana  

Ne eŋlɔ anyigba la, megale nu ʋẽ ge na wò o; tsatsala kple godzela nanye le anyigba dzi!


Ne wò dukɔ Israel ƒe futɔwo si wo, le esi wowɔ nuvɔ̃ de ŋuwò ta, eye wotrɔ ɖe ŋuwò heʋu wò ŋkɔ me, wodo gbe ɖa heƒo koko na wò le aƒe sia me la,


Tete Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu, eye wotsɔ wo de asi na Aram-fia Xazael kple Xazael vi Ben-Hadad ŋkekeawo katã.


Elabena Yoaxaz ƒe aʋakɔ, si ko kpɔtɔ di nɛ la, le sɔdola blaatɔ̃, tasiaɖam ewo kple afɔzɔla akpe ewo; elabena Aram-fia tsrɔ̃ wo, eye wòwɔ wo abe ke, si wofanya kple afɔ ene.


Ke ètsɔ mí ƒu gbe, ède ŋukpe mo na mí, eye mèho yi kple míaƒe aʋakɔwo o.


Ɖe nu vlo wɔlawo, amesiwo le nye dukɔ ɖum, abe alesi woɖua aboloe ene, eye womeyɔa Mawu o la, medze si esia oa?


Tete vɔvɔ̃ ɖo dzikatsoƒoe na wo le afisi ŋɔdzia ɖeke mele o; elabena Mawu kaka amesi ƒu asaɖa anyi ɖe ŋuwò la, ƒe ƒuwo. Ena ŋukpe lé wo, elabena Mawu gbe wo.


Amea ɖeke menyãa ame vɔ̃ɖiwo ɖe nu, hafi wosina o; ke ame dzɔdzɔewo ɖea dzi ɖi abe dzatavi ene.


Mia dometɔ akpe ɖeka asi le ame ɖeka kolia ƒe bublu nu, eye mi katã miasi le ame atɔ ƒe bublu nu, vaseɖe esime miasusɔ abe aflagati le to ta me kple aflaga le togbɛ dzi ene.


Ke woawo dze aglã ɖe eŋu, eye wodo dziku na eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la, tete wòtrɔ zu futɔ na wo, eye eya ŋutɔ wɔ avu kpli wo.


Magblẽ Yuda kple Yerusalem ƒe adaŋudede me le teƒe sia, eye mana woatsi woƒe futɔwo ƒe yi nu kple amesiwo le woƒe ku dim la si me, eye matso woƒe kukuawo ana dziƒoxewo kple gbemelãwo woaɖu.


Eyata ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Kpɔ ɖa, matsɔ nye ŋku aɖo mia ŋu hena vɔ̃wɔwɔ mi, eye matsrɔ̃ Yuda blibo la.


Eƒe ketɔwo ƒe alɔ ɖe dzi, eye eme nyo na eƒe futɔwo, elabena Yehowa ye ɖo hiã nɛ le eƒe vodada sɔgbɔawo ta. Viawo dze ketɔwo ŋgɔ yi aboyo me.


Ehe eƒe ɖa me abe futɔ ene, eye wòtsi tre ɖi kple eƒe nuɖusi abe ketɔ ene hetsrɔ̃ nusiwo katã dze na kpɔkpɔ; etrɔ eƒe dziku ƒo ɖe Zion-nyɔnuvi ƒe agbadɔ me abe dzo ene.


Matrɔ nye mo ɖe wo ŋu: dzo nu wòsi le, dzo ke afiã wo, eye miadze sii be, nyee nye Yehowa, nenye be, metrɔ nye mo ɖe wo ŋu.


Ne Israel ƒe aƒemetɔa ɖe alo amedzrovi, si le wo dome, ɖu lãʋua ɖe la, maɖe ŋku atɔ amesi ɖu ʋua la, eye matsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ la dome.


Yehowa ana wò futɔwo nasi wò, mɔ ɖeka dzi nato aho aʋa ɖe wo ŋu, ke mɔ adre dzi nato asi le wo nu, ale bena natrɔ zu bibi na anyigba dzi fiaɖuƒewo katã.


Esi dukɔ la dome ame akpe etɔ̃ yi la, wòsi le Aitɔwo nu.


Eyata Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu, eye wòtsɔ wo de asi na adzowɔlawo woda adzo wo, eye wotsɔ wo dzra na woƒe futɔ, siwo ƒo xlã wo godoo la; eye womegale ŋu nɔ te ɖe woƒe futɔwo nu o.


Israel-viwo subɔ Moab-fia Eglon ƒe wuienyi sɔŋ.


Eyata Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu, eye wotsɔ wo dzra na Mesopotamia-fia Kusan-Risatayim, eye Israel-viwo subɔ Kusan-Risatayim ƒe enyi sɔŋ.


Midiantɔwo ƒe asi kpe Israel dzi, eye Israel-viwo wɔ bebeƒewo ɖe towo dzi kple agadowo me kpakple nɔƒe sesẽwo le Midiantɔwo la.


Ke ne mieɖo to Yehowa ƒe gbe o, eye miesẽ to ɖe Yehowa ƒe se ŋu la, ekema Yehowa ƒe asi ava mia dzi, abe alesi wòva mia fofowo dzi ene.


Eye Filistitɔwo wɔ aʋa kple Israel, eye Israel-ŋutsuwo si le Filistitɔwo nu, eye amewo tsi aʋa le Gilboa-to la dzi.


Filistitɔwo wɔ aʋa la, eye wosi Israel, ale be wo dome amesiame si yi eƒe agbadɔ me; woɖu dzi gãa ɖe, eye afɔzɔla akpe blaetɔ̃ tsi le Israel ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa