Ŋkeke alesi menɔ Israel-viwo katã dome tsã la, ɖe megblɔ na Israel ƒe toawo dometɔa ɖe, si meɖo be, wòanyi nye dukɔ Israel la bena: Nukaŋuti mietu sedertixɔ nam oa?
nya, siwo mede asi na mia fofowo le gbesigbe mekplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi, tso gakpo me, gblɔ bena: Ne míese nye gbe, eye miewɔ, abe alesi mede se na mi ene la, ekema mianye nye dukɔ, eye manye miaƒe Mawu,
ke boŋ nusi mele babla ge kple Israel ƒe aƒe la le ŋkeke siawo megbe la, enye esi: Matsɔ nye se la ade woƒe dɔ me, eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋu, manye Mawu na wo, eye woawo nanye nye dukɔ, Yehowa ye gblɔe.
Ke boŋ nya siae metsɔ de se na wo be: Mise nye gbe, ne manye miaƒe Mawu, eve miawo mianye nye dukɔ, eye mizɔ nye mɔ, si meɖo na mi la dzi, be eme nanyo na mi.
Alo ɖekawɔwɔ kae le mawuxɔ kple trɔ̃wo domea? Elabena miawoe nye Mawu gbagbe la ƒe xɔ, abe alesi Mawu gblɔ ene bena: „Manɔ wo dome, eye mazɔ wo dome, eye manye Mawu na wo, eye woawo hã woanye nye dukɔ.
Elabena Yehowa, wò Mawu, le yiyim le wò asaɖa la me, bena woaxɔ na wò, eye wòatsɔ wò futɔwo aɖe asi na wò. Eyata wò asaɖa nanɔ kɔkɔe, ne magakpɔ fenua ɖeke, eye wòatrɔ adzo le gbɔwò o.