Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 24:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye natsɔ wɔ memee aƒo abolo wuieve; wɔ efa ƒe mamã ewoliawo eve naƒo abolo ɖeka,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 “Le Dzudzɔgbe ɖe sia ɖe dzi la, nunɔlagã atsɔ abolo bɔbɔe wuieve si wotsɔ wɔ kilogram etɔ̃ me ɖe sia ɖe,

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 24:5
18 Mawu Ofanana  

Eye Eliya tsɔ kpe wuieve le Yakob, amesi Yehowa gblɔ na be: ŋkɔwòe anye Israel la ƒe viwo ƒe to wuieveawo ƒe xexlẽme nu.


woakpe ŋkumeɖobolo la, wɔ memee hena nuɖuvɔsa, tatali maʋamaʋãwo, nusiwo wotɔna le nutɔgba me, nu bakabakawo kple nudotree kpakple dzidzenuawo dzi;


Eye wotsɔ Kehat viwo, siwo tso wo nɔviwo dome la, ɖo ŋkumeɖobolo la nu, ne woadzrae ɖo le dzudzɔgbe sia dzudzɔgbe dzi.


woawoe tɔa dzo numevɔsa na Yehowa ŋdi sia ŋdi kple fiẽ sia fiẽ, wotsɔa atike ʋeʋẽe doa dzudzɔe, wodaa abolo ɖe kplɔ̃; dzadzɛ la dzi, eye wosia sikakaɖitiawo ƒe akaɖigbɛawo fiẽ sia fiẽ, elabena mielé Yehowa, mía Mawu ƒe ɖoɖowo meɖe asi; ke miawo miegblẽe ɖi.


Míebia se na mía dokui be, míana sekel etɔ̃liawo ɖeka ƒe sia ƒe de subɔsubɔ le mía Mawu ƒe aƒe me ŋu,


de ŋkumeɖobolo, gbesiagbe nuduvɔsa kple gbesiagbe numevɔsa, dzudzɔgbevɔsawo kple dzinu yeye vɔsawo kple ŋkekenyuie vɔsawo, akpedavɔsawo kple nuvɔ̃vɔsawo ŋu, be woalé avu na Israel kple mía Mawu ƒe ale ŋu ɖɔwo katã ŋu.


Eye natsɔ abolo aɖo kplɔ la dzi le ŋkunye me ɖaa.


kplɔ̃ la kple eŋu nuwo katã kple ŋkumeɖobolo la,


eye wotsɔ abolo da de edzi le Yehowa ƒe ŋku me, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.


Tsɔ kplɔ la da ɖe eme, eye natsɔ ŋkumeɖobolo la ada ɖe edzi; emegbe nakɔ akaɖiti la ava eme, eye natɔ akaɖigbɛawo aɖo edzi.


Eye woakeke aɖabɛ blɔtɔ ɖe ŋkumeɖobolokplɔ̃ la dzi, emegbe woafɔ agbawo, nutɔgbawo, trewo kple goe, siwo me wokua nunovɔsa ɖo kpakple gbesiagbe boloawo ada ɖe edzi.


Alesi wòyi ɖe mawuƒe la me, eye woɖu ŋkumeɖobolo, si womeɖe mɔ le eŋuti ne bena, eya kple amesiwo kpe ɖe eŋuti naɖu o, negbe nunɔlawo ko la oa?


esi míaƒe ƒome wuieve la le mɔ kpɔm na hele Mawu subɔm vevie zã kple keli, bena woasu wo si. Le mɔkpɔkpɔ sia la, fia Agripa, Yudatɔwo le nunye tsom ɖo esi.


Elabena wotu agbadɔ ŋgɔgbetɔ, si me akaɖiti kple kplɔ̃ kple ŋkumeɖobolo nɔna, si woyɔna be kɔkɔeƒe.


Yakobo, Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe dɔla, do gbe na ƒome wuieve, siwo ka hlẽ la.


Dawid ɖo ŋu na nunɔla la gblɔ nɛ bena: Wotsri nyɔnu na mi etsɔ kple nyitsɔ, hafi medze mɔ, eye ɖekakpuiawo ŋutinuwo ŋuti kɔ, evɔ wonye afɔ vɔ̃ dzi mele hafi; aleke abolo la ŋu makɔ le wo ŋutinuwo me egbea oa?


Eye nunɔla la tsɔ nu kɔkɔe la nɛ, elabena aboloa ɖeke meli o, negbe ŋkumeɖobolo, si woɖe ɖa le Yehowa ŋku me, be woatsɔ abolo dzodzoe ada di le gbesigbe woɖee ɖa la koe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa