Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 24:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye Israel-nyɔnu la ƒe viŋutsu la ƒo ti de ŋkɔ kɔkɔe la, eye wòdo ɖiŋu nɛ; tete wokplɔe va Mose gbɔe. Dada ŋkɔ nye Selomit, amesi nye Dibri vinyɔnu, tso Dan-to la me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Le avu sia wɔwɔ me la, Israel nyɔnu la ƒe vi gblɔ busunya ɖe Mawu ŋu, eye wohee va Mose gbɔ be wòadrɔ̃ ʋɔnui. (Dadaa ŋkɔe nye Selomit, Dibri ƒe vinyɔnu, tso Dan ƒe to la me.)

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 24:11
33 Mawu Ofanana  

Ke esi newɔ nusia, eye nena Yehowa ƒe futɔwo kpɔ fewuɖunu la, eyata ŋutsuvi, si wodzi na wò la, aku.


Eye mitsɔ yakame eve ɖo ekasa, amesiwo anɔ ɖase ɖim le eŋu anɔ gbɔgblɔm bena: Edo ɖiŋu na Mawu kple fia la! Emegbe miakplɔe ado goe aɖaƒu kpee wòaku.


Emegbe yakame eve wova nɔ ekasa, eye yakameawo le ɖase ɖim le Nabot ŋu le dukɔ la ŋku me le gbɔgblɔm bena: Nabot do ɖiŋu na Mawu kple fia la! Eye wokplɔe do go yi dua godo ɖaƒu kpee wòku.


Eye migana Xizkiya natsɔ Yehowa ade dzi ƒo na mi agblɔ be: Yehowa aɖe mi, eye womatsɔ du sia ade asi na Asur-fia o.


Ɖe anyigbawo ƒe mawuwo katã dometɔa ɖe ɖe eƒe anyigba tso asinye me, ne Yehowa naɖe Yerusalem atso asinye mea?


Eye Elyakim, Xilkiya vi, amesi le aƒea nu, kple Sebna, agbalẽŋlɔla, kpakple Yoax, Asaf vi, fia ƒe tsiami, wole awu vuvuwo me va Xizkiya gbɔ, eye woto Rabsake ƒe nyawo nɛ.


Ale miagblɔ na Xizkiya enye si: Megana wò Mawu, si ŋu nèle dzi ɖom ɖo la, naɖu wò nagblɔ be: womatsɔ Yerusalem ade asi na Asur-fia o.


Ameka nedo vloe, eye ameka ŋu neɖu fewu le, ameka ta nèɖo ɣli ɖo, eve ameka ŋu nèfɔ mo dzi ɖo? Israel ƒe kɔkɔetɔ lae loo!


Tete Yesaya gblɔ na wo bena: Ale miagblɔ na miaƒe aƒetɔ enye si: Yehowa ƒe gbe enye si: Megavɔ̃ nya, siwo Asur-fia ƒe ɖekakpuiwo tso ɖe alɔme le ŋunye nèse la o!


Ke do asi da, ne nade asi nusiwo katã le esi la ŋu kpɔ, be magbe wò nya ɖe ŋkuwo me keŋ oa?


Le nusiawo katã me la Hiob mewɔ nuvɔ̃ o, eye mebu vɔ̃a ɖeke ɖe Mawu ŋu o.


Eye ne aglotuɣiawo trɔ va kpe la, Hiob dɔa ame da woɖakɔa wo ŋu. Efɔna ŋdi kanya, eye wòsa numevɔ ɖe wo katã ƒe xexlẽme nu; elabena Hiob gblɔ be: Misela vinyewo wɔ nuvɔ̃, eye wofe Mawu ɖe aga le woƒe dziwo me hĩ. Alea Hiob wona ɣesiaɣi.


Ke ɖo wò abɔ ɖa, ne nade asi eƒe ʋu kple eƒe ŋutilã ŋu kpoa, be magbe wo nya me ŋkuwo me keŋ ene oa?


Yehowa, do ŋui be, wòe futɔ la do vloe, eye wò ŋkɔ ŋu dukɔ bometsila la ɖe alɔme le!


Mawu, tso, nawɔ wò aʋa! Ɖo ŋu alɔme, si bometsilawo le ɖeɖem le ŋuwò atraɖi la!


bena woadrɔ̃ ʋɔnu na dukɔ la ɣesiaɣi, negbe nya veviwo ko woatso va gbɔwò; ke nya kpotokpotoewo la woa ŋutɔwo nadrɔ̃e. Ale naɖe agba le ɖokuiwò dzi, eye woaxɔ na wò.


Eye wodrɔ̃a ʋɔnu na dukɔ la ɣesiaɣi, negbe nya veviwo ko wotsɔna vaa Mose gbɔe, ke nya kpotokpotoewo katã la woawo ŋutɔ drɔ̃nɛ.


Megayɔ Yehowa, wo Mawu, ƒe ŋkɔ yakayaka o, elabena Yehowa magbe tohehe na amesi yɔa eƒe ŋkɔ dzodzro la o.


Megamiã asi ɖe wò agblemenu ʋaʋãwo kple wò ami dzi o, eye natsɔ wò ŋgɔgbeviŋutsuwo nam.


esia nye nye ŋkɔ tegbee, eye nye ŋkɔ sia dzidzimewo katã woayɔ.


Woanɔ tsa glãla tsam, woate wo ɖe anyi, eye do awu wo, eye ne do le wo wum la, wòado dziku ahaƒo fi ade woƒe fia kple woƒe Mawu. Eye ne wofa ko dzi


Eye Israel-nyɔnua ɖe ƒe viŋutsua, amesi nye Egipte-ŋutsua ɖe ƒe yi la, yi Israel-viwo dome; tete Israel-nyɔnu la ƒe viŋutsu kple Israel-ŋutsua ɖe wowɔ dzre le asaɖa la me.


Tete nunɔlagã la dze eƒe awuwo gblɔ bena: Egblɔ busunya! Ɖaseɖila kawo gahiã mí? Kpɔ ɖa, azɔ miese busunya la;


Elabena le miawo ŋuti la wogblɔa busunya ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti le trɔ̃subɔlawo dome, abe alesi woŋlɔ ɖi ene.


nye amesi nye busunyagblɔla kple yometila kpakple vlodola tsã; ke wokpɔ nublanui nam, elabena mewɔe le numanyamanya me, le dzimaxɔse me.


eye wodo busu dziƒo Mawu la le woƒe fukpekpe kple woƒe ƒoƒoeawo ta, eye wometrɔ tso woƒe nuwɔnawo me o.


Eye tsikpe gã, siwo ƒe kpekpeme anɔ talento ɖeka la, dza tso dziƒo hlẽ ɖe amewo dzi, eye amewo do busu Mawu le tsikpeawo ƒe fuwɔame la ŋuti; elabena woƒe fuwɔame la nu sẽ ŋuta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa