Ne èdze nusiwo nèƒã ɖe agble me la ŋeŋe gɔme la, naɖu ŋkekenyuie, eye ne eƒo wò agblemenuwo nu ƒu ɖe ava me le ƒe la ƒe nuwuwu me la, ekema nagaɖu ŋkekenyuie.
Ƒo nu kple Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Ne mieva anyigba, si matso na mi dzi, eye mieŋe nu le edzi la, ekema miatsɔ lubabla gbãtɔwo avae na nunɔla.