Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 23:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye wòanyè lubablawo le Yehowa ŋku me, bena miaƒe nu nadze eŋu; nunɔla nanyè wo le ŋkeke, si dze dzudzɔgbe yome la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Ele be wòanye lu babla la le yame le Yehowa ŋkume, ale be wòaxɔe na mi. Nunɔla la anyee le Yehowa ŋkume le Dzudzɔgbe la ƒe ŋufɔke.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 23:11
7 Mawu Ofanana  

Eye wòanɔ Aron ƒe ŋgonu; ale Aron naxa vodada, siwo le Israel-viwo ƒe nunanawo katã ŋu la, aƒu akɔ; eye wòanɔ eƒe ŋgonu ɖaa, bena woƒe nunanawo nadze Yehowa ŋu.


eye natsɔ nuawo katã ade asiƒome na Aron kple viaŋutsuawo, eye nanyè nuawo le Yehowa ƒe ŋku me.


Ke wò ŋuta, viwòŋutsuwo kple viwònyɔnuwo miaɖu lã la ƒe akɔ, si wonye kple ata, si nye adzɔ la, le teƒe dzadzɛ la, elabena wò ŋutɔ kple viwòŋutsuawo ƒe gome wònye tso Israel-viwo ƒe akpedavɔsawo me.


Ƒo nu kple Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Ne mieva anyigba, si matso na mi dzi, eye mieŋe nu le edzi la, ekema miatsɔ lubabla gbãtɔwo avae na nunɔla.


Eye miatsɔ alẽvi, si sɔ blibo, eye wòxɔ ƒe ɖeka la, asa numevɔe na Yehowa le gbesigbe mienyè lubablawo.


Ke Aron nyè akɔwo kple ɖusitawo le Yehowa ƒe ŋku me, abe alesi Mose de se ene.


Ale Naomi gbɔ va aƒe, eye lɔ̃xoa Rut, Moab-nyɔnu la, kpe ɖe eŋu tso Moab-nyigba dzi; eye wova Betlexem, esime wodze nuŋeŋe gɔme.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa