Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 22:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Woalé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo ŋu bena womagagblẽ kɔ ɖo, eye nuvɔ̃ nanɔ wo dzi woaku o. Nyee nye Yehowa, si kɔ wo ŋu!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 “ ‘Gblɔ na nunɔlawo be woawɔ se siawo dzi nyuie, ne menye nenema o la, woaɖi fɔ, eye woaku le se siawo dzi dada ta. Nyee nye Yehowa, ame si kɔ wo ŋuti.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 22:9
10 Mawu Ofanana  

Eye Aron kple viaŋutsuwo nadoe, ne woyina ɖe agbadɔ, si me Yehowa ɖea eɖokui fiana le la me, alo wote ɖe vɔsamlekpui la ŋu, be woasubɔ le kɔkɔeƒe la, ne maganye vodada na wo, eye woaku o. Esia nanye ɖoɖo na eya ŋuta kple eƒe dzidzimeviwo tegbee.


Eye wòako dzudzɔdonua ɖe dzo la dzi le Yehowa ŋku me, eye ne dzudzɔdonu la ƒe dzudzɔ bia nutsyɔnu, si le nubablaɖakaa dzi la, ekema maku o.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na nɔviwò Aron be, megayi ɖe kɔkɔeƒe la me le xɔmetsovɔ la godo le nutsyɔnu, si le aɖaka la dzi la ŋgɔ ɣesiaɣi, be wòagava ku o; elabena meɖea ɖokuinye fiana le alilikpo me le nutsyɔnu la dzi.


Eyata milé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo ŋu, bena miagawɔ kɔnu gbegblẽ, siwo wowɔ le mia ŋgɔ la, ahado ŋunyɔ mia ɖokui o Nyee Yehowa, mia Mawu!


Eye womegana woaɖu woƒe nunana kokoe la, aɖa vo, eye woƒe fɔɖiɖi la nanɔ wo dzi o. Nyee nye Yehowa, si ko wo ŋu!


Ke Israel-viwo megate va Mawu ƒe agbadɔ ŋu azɔ o, bena woagahe nuvɔ̃ ava wo ɖokui dzi, eye woaku o,


Ne miede nyuitɔ le wo ŋu na adzɔe la, ekema nuvɔ̃ manɔ mia dzi o; miagblẽ kɔ ɖo na Israel-viwo ƒe nunana kɔkɔewo o, eye miaku o.


Movitɔwo kple ŋkuagbãtɔwo, kae lolo wu, sika loo alo mawuƒe, si na sika la ŋuti kɔna, mahã?


Eyata lɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, eye nawɔ eƒe nufiamewo kple ɖoɖowo, kɔnuwo kple sewo dzi ɣesiaɣi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa