Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 22:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 amesi ka asi nusiawo ƒe ɖe ŋu la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ, eye maɖu nunana kɔkɔe la ƒe ɖeke o, negbe ɖeko wòale tsi hafi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 nunɔla ma ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ, eye maɖu vɔsanu kɔkɔe aɖeke o va se ɖe esime wòale tsi le fiẽ hafi.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 22:6
16 Mawu Ofanana  

Lã, siwo katã fe li na, eye wozɔa afɔ enee dzi la, lã makɔmakɔwo woanye na mi, amesiame, si aka asi woƒe kukua ŋu la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Eye amesi atsɔ woƒe kuku la, nanyã eƒe avɔwo, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ; elabena lã makɔmakɔwo wonye na mi.


Esiawo nye lã makɔmakɔwo na mi le lã suewo katã dome; amesi ade asi woƒe kukua ŋu la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Nusianu, si dzi woƒe kukua ge dze la, ŋu mekɔ o, eɖanye atinuwo, avɔ, lãgbalẽ, kotoku alo nusianu, si ŋu dɔ wowɔna o, ele be, woade wo tsi me, eye wo ŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ; emegbe hafi wo ŋu agakɔ.


Ne lã, siwo mieɖuna la, dometɔa ɖe ku, eye amea ɖe de asi kukua ŋu la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Amesi ɖu kukua la, nanyã eƒe avɔwo, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ; amesi tsɔ kukua la, nanyã eƒe avɔwo, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Amesi ka asi eƒe aba ŋu la, nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, eye eŋu meka o vaseɖe fiẽ.


alo amea ɖe ka asi nu gbagbea ɖe, si ŋu mekɔ o la ŋuti, alo ka asi amea ɖe, si ŋu mekɔ o, alo nu makɔmakɔ bubua ɖe ŋuti la,


Ne ɣe ɖo to la, ekema eŋu kɔ, emegbe ekpɔ mɔ aɖu nunana kɔkɔe la, elabena eƒe nuɖuɖu wònye.


Eye Xagai gblɔ bena: Ne amea ɖe gblẽ kɔ ɖo na eɖokui ɖe ame kuku ŋu, eye wòka, asi nusiawo katã ŋu la, ɖe woawo hã azu nu makɔmakɔa? Nunɔlawo ɖo ŋu gblɔ bena: Woazu nu makɔmakɔ.


Ne amesi ŋu mekɔ o, de asi nua ɖe ŋu la, eŋu mekɔ o, eye ne amea ɖe ɖe asi amea ŋu la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Eye nenem mia dome amea ɖewo nɔ tsã; ke wole tsi na mi, ke wona mia ŋuti kɔ, ke wotso afia na mi le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ la kple mia Mawu ƒe Gbɔgbɔ la me.


mina miatsɔ dzi nyateƒetɔ ate va le xɔse ƒe kakaɖedzi blibo me, abe amesiwo wòklɔ dzitsinya vɔ̃ ɖa tso woƒe dziwo me, eye wotsɔ tsi zɔzrɔ̃e le na woƒe ŋutilã ene;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa