Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 22:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ƒo nu kple Aron kple viaŋutsuawo bena, woakpɔ nyuie le Israel-viwo ƒe nu kɔkɔe, siwo ŋu wokɔ nam la ŋu, bena womaga ƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la o. Nyee nye Yehowa!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 “Gblɔ na Aron kple via ŋutsuwo be woade bubu vɔsa kɔkɔe siwo ŋu Israelviwo kɔ nam la ŋu, ale be womaƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la o. Nyee nye Yehowa.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 22:2
16 Mawu Ofanana  

Eye megblɔ na wo be: Míele kɔkɔe na Yehowa, eye nuawo le kɔkɔe, klosalo kple sikawo nye nusiwo wona Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu la faa la,


ekema natsɔ nusianu, si ʋu dɔ nu na dada la, ana Yehowa, eye natsɔ wò lãwo ƒe ŋgɔgbevi, siwo nye atsu la, na Yehowa.


Eye wòanɔ Aron ƒe ŋgonu; ale Aron naxa vodada, siwo le Israel-viwo ƒe nunanawo katã ŋu la, aƒu akɔ; eye wòanɔ eƒe ŋgonu ɖaa, bena woƒe nunanawo nadze Yehowa ŋu.


Midzo, midzo, miʋu tso afima! Migaka asi nu makɔmakɔa ɖeke ŋu o! Miʋu tso wo dome; mi Yehowa ƒe nutsɔlawo, mikɔ mia ɖokui ŋu!


eye miewɔ nye kɔkɔeƒe la ƒe dowo o, ke boŋ mieɖo woawo, be woasubɔ le nye kɔkɔeƒe la.


Ale miaxlɔ̃ nu Israel-viwo le nu makɔmakɔwo ŋu, bena ne wo ŋu mekɔ o la, woagagblẽ kɔ ɖo na nye nɔƒe, si le wo dome la, eye woaku o.


Megatsɔ viwò sa vɔe na Molex o, bena nagaƒo ɖi Yehowa, wò Mawu ƒe ŋkɔ o. Nyee nye Yehowa.


Migaka aʋatso yɔ nye ŋkɔ ta nui o, bena nagaƒo ɖi wò Mawu ƒe ŋkɔ o. Nyee nye Yehowa!


Maɖe ŋku atɔ ame la, eye matsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ la dome, elabena etsɔ via na Molex, bena wòado ŋunyɔ nye kɔkɔeƒe la, eye wòaƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la.


Woanɔ kɔkɔe na woƒe Mawu, eye womaƒo ɖi woƒe Mawu ƒe ŋkɔ o, elabena woawoe sa Yehowa ƒe dzovɔ, si nye woƒe Mawu ƒe nuɖuɖu, eyata woanɔ kɔkɔe.


Eve Yehowa ƒo nu kple Mose bena:


Migaƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la o, bena woakɔ ŋunye le Israel-viwo dome. Nyee nye Yehowa, si wo mi kɔkɔe,


Ne miede nyuitɔ le wo ŋu na adzɔe la, ekema nuvɔ̃ manɔ mia dzi o; miagblẽ kɔ ɖo na Israel-viwo ƒe nunana kɔkɔewo o, eye miaku o.


Kɔ wò nyi kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeawo, siwo nye atsu la ŋu na Yehowa, wò Mawu la; megana wò nyitsu, siwo nye ŋgɔgbéawo la, nawɔ dɔ na wò o, eye megako fu le wò alẽwo ƒe ŋgɔgbeawo ŋu o;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa