Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 22:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ke ne nunɔla ƒe vinyɔnu zu ahosi, alo wogbee, eye vi mele esi o, eye wòtrɔ va le fofoa ƒe me, abe alesi wònɔe le eƒe ɖetugbime ene la, ekpa mo aɖu fofoa ƒe nuɖuɖu la, ɖeko to bubu me toa ɖeke mekpɔ mɔ aɖui o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Ke ne enye ahosi alo eƒe srɔ̃ɖeɖe me gblẽ, viŋutsu aɖeke mele esi akpɔ edzi o, eye wògatrɔ va fofoa ƒe aƒe me la, ekema agate ŋu akpɔ gome le fofoa ƒe nuɖuɖu me. Le ame siawo megbe la, ame siwo mele nunɔlawo ƒe ƒomewo me o la mekpɔ mɔ aɖu nu sia o.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 22:13
11 Mawu Ofanana  

Eye Yuda gblɔ na lɔ̃xoa Tamar bena: Yi fofowò ƒe me, eye nanye ahosi, vaseɖe esime vinye Sela natsi. Elabena ele vɔvɔ̃m bena, eya hã ava ku abe nɔviawo ke ene. Tete Tamar yi ɖanɔ fofoa ƒe me.


Eye anyigba dzikpɔla gblɔ na wo bena, womekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔetɔ ƒe ɖeke, o, vaseɖe esime nunɔlaa ɖe natsɔ Urim kple Tumim adoe hafi.


Eye Yehowa gblɔ na Mose kple Aron bena: Esia enye ŋutitotoŋkekenyuie la ŋu ɖoɖowo: Amedzroa ɖeke mekpɔ mɔ aɖui o.


Ale woaɖu nusi wotsɔ ɖe nuvɔ̃ ɖa hafi ɖo wo, eye wowɔ wo kɔkɔe la; ke ame bubua ɖeke mekpɔ mɔ aɖui o, elabena nu kɔkɔe ye.


eye miewɔ nye kɔkɔeƒe la ƒe dowo o, ke boŋ mieɖo woawo, be woasubɔ le nye kɔkɔeƒe la.


Ke wò ŋuta, viwòŋutsuwo kple viwònyɔnuwo miaɖu lã la ƒe akɔ, si wonye kple ata, si nye adzɔ la, le teƒe dzadzɛ la, elabena wò ŋutɔ kple viwòŋutsuawo ƒe gome wònye tso Israel-viwo ƒe akpedavɔsawo me.


Amedzroa ɖeke mekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔe la o, eye amedzro, si le agbatedɔ wɔm na nunɔla la, mekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔe la o.


Ne nunɔla ƒe vinyɔnu ɖe to bubu me tɔa ɖe la, mekpɔ ma aɖu nunana kɔkɔe, si nye adzo la o.


eye wòʋu le eƒe me ɖade ŋutsu bubu,


Eye nunɔla la tsɔ nu kɔkɔe la nɛ, elabena aboloa ɖeke meli o, negbe ŋkumeɖobolo, si woɖe ɖa le Yehowa ŋku me, be woatsɔ abolo dzodzoe ada di le gbesigbe woɖee ɖa la koe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa