Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 21:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Bu nunɔlawo kɔkɔe, elabena woawoe tsɔa wò Mawu ƒe nuɖuɖu sa vɔe. Ame kɔkɔewo woanye na wò, elabena nye Yehowa, si kɔ mia ŋu la, mele kɔkɔe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Mibu wo be wole kɔkɔe, elabena woawoe tsɔa miaƒe Mawu la ƒe Nuɖuɖunana. Mibu wo kɔkɔe, elabena nye Yehowa mele kɔkɔe, nye ame si wɔ mi miele kɔkɔe.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 21:8
18 Mawu Ofanana  

Nye Mawu, ɖo ŋku, alesi woɖi gbe nunɔlanyenye kpakple nunɔlawo kple Lewi-viwo ƒe nubabla lae la dzi na wo!


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Yi dukɔ la gbɔ, eye nana be, woadzra wo ɖokui ɖo dzadzɛ egbe kple etsɔ, eye wòanya woƒe avɔwo,


Tete Mose ɖi tso toa dzi va dukɔ la gbɔ, eye wòna dukɔ la wɔ wo ɖokui dzadzɛ, eye wonyã woƒe avɔwo.


Ɖo atsyɔ̃ na nɔviwò Aron kple viaŋutsuwo, eye nasi ami na wo, aɖo wo, eye nawɔ wo kɔkɔe, bena woanye nunɔlawo asubɔm.


Eye nusi nawɔ na wo, be nawɔ wo kɔkɔe, ne woazu nunɔlawo asubɔm la, enye si: Lé nyitsu ɖagbee ɖeka kple agbo eve, siwo sɔ blibo,


Ƒo nu kple Israel ƒe ha blibo la, eye nagblɔ na wo bena: Ame kɔkɔewo mianye, elabena nye Yehowa, mia Mawu la, mele kɔkɔe.


Woanɔ kɔkɔe na woƒe Mawu, eye womaƒo ɖi woƒe Mawu ƒe ŋkɔ o, elabena woawoe sa Yehowa ƒe dzovɔ, si nye woƒe Mawu ƒe nuɖuɖu, eyata woanɔ kɔkɔe.


Eye womegana woaɖu woƒe nunana kokoe la, aɖa vo, eye woƒe fɔɖiɖi la nanɔ wo dzi o. Nyee nye Yehowa, si ko wo ŋu!


Eye nunɔla natɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi, dzovɔsanuɖuɖu wònye na Yehowa.


mietsɔ nuɖuɖu makɔmakɔwo va nye vɔsamiekpui dzi hafi le gbɔgblɔm be. Nuka míetsɔ do gu wo hã? Eye miele gbɔgblɔm be: Yehowa ƒe kplɔ̃ ɖi gbe.


De se na Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Milé ŋku ɖe nye dzovɔsa ƒe vɔsanu, si nye nye nuɖuɖu, eye wòʋẽna ɖem lilili la ŋu, eye miatsɔe asa vɔ nam le ɣeyiɣi, si woɖo la dzi.


amesi Fofo la wɔ kɔkɔe, eye wòdɔ ɖo ɖe xexea me la, eyama ŋuti mia wo miele gbɔgblɔm le bena: Ebɔ busu, esi mebena: Mawuvi menye mahã?


Mewo ɖokuinye kɔkɔe ɖe wo ta, bena woawo hã woazu ame kɔkɔewo le nyateƒe la me.


fetu vɔ̃ wu ka miele susum be, adze amesi tu afɔ Mawuvi la dzi, eye wobu nubabla ƒe nu, si wotsɔ kɔ eŋuti la, nu makɔmakɔa, eye wòdo vlo amenuvevegbɔgbɔ la mahã?


Elabena nunɔlagã sia tɔgbe hiã míawo hã: Amesi nye kɔkɔetɔ, ame maɖifɔ, ame maƒoɖi, amesi ɖe eɖokui ɖa tso nuvɔ̃wɔlawo dome, eye wokɔe ɖe dzi wu dziƒowo,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa