Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 20:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ke ne anyigbadzitɔwo miã ŋku ɖe amesi tsɔ via na Molex la dzi, eye womewui o la,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Ne anyigba la dzi tɔwo wɔ abe ɖe womenya naneke tso ame si tsɔ via na Molek ŋu o, eye wogbe be yewomawui o la,

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 20:4
9 Mawu Ofanana  

Eye wògblɔ nɛ bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Esi nèɖo asi le ŋutsu, si medo busui ŋu la, eyata wò agbe anɔ eƒe agbe teƒe, eye wò dukɔ anɔ eƒe dukɔ teƒe.


Maɖe ŋku atɔ ame la, eye matsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ la dome, elabena etsɔ via na Molex, bena wòado ŋunyɔ nye kɔkɔeƒe la, eye wòaƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la.


ekema nye ŋku anɔ ame la kple eƒomeawo ŋu, eye matsrɔ̃ ame la kple amesiwo katã dze eyome hesubɔ Molex la, le woƒe dukɔ la dome.


Eye ɣeyiɣi, siwo me womenya nu o la, Mawu ŋe aɖaba ƒu dzi; ke azɔ la ede se na amewo katã le afisiafi bena, woatrɔ le woƒe dziwo me;


dukɔ, siwo ƒo xlã mi ƒe mawuwo, eɖanye esiwo te ɖe mia ŋu, alo esiwo le adzɔge tso mia gbɔ o, tso anyigba ƒe go ɖeka vaseɖe go keme la,


Israel-viwo magate ŋu anɔ te ɖe woƒe futɔwo nu akpɔ o, megbe kokoko woatrɔ ade woƒe futɔwo, elabena busu le wo dzi. Nyemaganɔ anyi kpli mi o, negbe ɖeko miaɖe busu la ɖa le mia dome hafi.


Gake la mekpɔ nu via ɖewo le ŋutiwò; elabena amesiwo lé Bileam ƒe nufiafia me ɖe asi la, le gbɔwò le afima, amesi fia Balak bena, wòatsɔ nuɖianu aɖo Israel-viwo ŋku me, ne woaɖu nusiwo wosa vɔe na trɔ̃wo, eye woawɔ ahasi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa