Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 20:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Migawɔ dukɔ, si nyã ge mala le mia ŋgɔ la, ƒe kɔnuwo o; elabena nusiawo katã wowɔ, eyata wonyã ŋu nam.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 Migawɔ dukɔ siwo manya ɖa le mia ŋgɔ la ƒe kɔnuwo o, elabena nu tovo siwo katã ŋu mede se na mi le la, woawoe wowɔna. Nu sia tae melé fu wo ɖo.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 20:23
11 Mawu Ofanana  

Menye esi nènye ame dzɔdzɔe, eye wò dzime kɔ ta nèyina woƒe anyigba xɔ ge wòanye tɔwo ɖo o, ke boŋ dukɔ sia ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta Yehowa, wò Mawu, nyã wo ɖa le ŋgɔwò, bena wòawɔ atam, si wòka na fofowòwo Abraham, Isak kple Yakob la dzi.


Migawɔ nusiawo atsɔ ado ŋunyɔ mia ɖokui o, elabena trɔ̃subɔla, siwo nyã ge mala le mia ŋgɔ la, wɔ nusiawo heɖo ŋunyɔ wo ɖokui,


Eyata milé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo ŋu, bena miagawɔ kɔnu gbegblẽ, siwo wowɔ le mia ŋgɔ la, ahado ŋunyɔ mia ɖokui o Nyee Yehowa, mia Mawu!


Migawɔ Egipte-nyigba, si dzi mienɔ la, dzinɔlawo ƒe nuwɔnawo o, eye migawɔ Kanaan-nyigba, si dzi mekplɔ mi yinae la, dzitɔwo ƒe nuwɔnawo o, eye migawɔ woƒe ɖoɖowo dzi hã o.


elabena anyigbadzitɔ, siwo nɔ mia ŋgɔ la, wɔ ŋunyɔnu siawo katã, eye anyigba la gblẽ;


Metsrɔ̃ lãkplɔvi etɔ̃ ɖa le dzinu ɖeka me; woƒe nu ti kɔ nam, eye nye nu ti kɔ na woawo hã.


Mawu see, dzi kui, egbe Israel keŋkeŋ,


eye woƒe anyigba gblẽ; eyata maɖo woƒe vodadawo teƒe na wo, eye anyigba la atu edzinɔlawo aƒu gbe.


Ƒo nu kple Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Nyee nye Yehowa, mia Mawu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa