Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 20:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Gblɔ na Israel-viwo be: Ne Israel-viwo dometɔa ɖe alo amedzro, si le Israel la, tsɔ via na Molex la, woawui, anyigbadzitɔwo naƒu kpee woaku.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 “Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ele be woawu Israelvi alo amedzro si le Israel, ame si atsɔ viawo dometɔ aɖe ana Molek. Teƒe ma nɔlawo naƒu kpee.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 20:2
33 Mawu Ofanana  

Ɣemaɣi Salomo tu nuxeƒe na Kemos, si nye Moabtɔwo ƒe ŋunyɔnu kple Molex, si nye Amon-viwo ƒe ŋunyɔnu, ɖe to dzi le Yerusalem ŋgɔ.


Wona wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo to dzo me, woka afã hesa dzo, eye wotsɔ wo ɖokui ƒle na nu vɔ̃ɖi wowɔ le Yehowa ŋku me, ne woatsɔ aɖo dɔmedzoe nɛ.


Edo gu ŋunyɔƒe, si le Ben-Hinom-bali la me, be amea ɖeke magana viaŋutsu kple vianyɔnu nato dzo me na Molex o.


Edo dzudzɔ le Ben-Hinom-bali la me, eye wòna viawo to dzo me le dukɔ, siwo Yehowa nyã le Israel-viwo ŋgɔ la ƒe ŋunyɔnuwo nu.


Eya hã na viawo to dzo me le Ben-Hinom-bali la me; esa dzo, eka afa, eye wosa akpase, eye wòɖo ŋɔliyɔlawo kple akunyawɔlawo, eye wòwɔ nu vɔ̃ɖi geɖe le Yehowa ŋku me hetsɔ do dziku ne.


Wokɔ nu maɖifɔ ɖi, si nye woƒe ŋutsuvi kple woƒe nyɔnuvi, siwo wotsɔ sa vɔ na Kanaan-legbawo la, ƒe ʋu, ale be wotsɔ hlɔ̃dodo gblẽ kɔ ɖo na anyigba la.


Wowɔ nuxeƒewo na Baal ɖe Ben-Hinom-bali la me, ne wòakɔ woƒe ŋutsuviwo kple woƒe nyɔnuviwo ŋu na Molox, nusi nyemeɖo na wo alo wòayi nye ta me va ge, be woawo ŋunyɔnu sia ahatsɔ ble Yuda ade nuvɔ̃ me o.


wowɔ Tofet-nuxeƒe ɖe Ben-Hinom-bali me la, ne woatɔ dzo woƒe ŋutsuviwo kple woƒe nyonuviwo, nusi ŋu nyemede se na wo le loo, alo wòayi nye la me va ge o.


Eye mena wotsɔ woƒe vɔsanuwo gblẽ kɔ ɖo na wo ɖokui, esime wotsɔ woƒe vi ŋgɔgbeawo katã to dzo mee, ne magblẽ wo, eye ne woadze sii be, nyee nye Yehowa.


Israel ƒe aƒe, mietsɔ miaƒe legbawo katã gblẽ kɔ ɖo na mia ɖokui, eye mietsɔ miaƒe vɔsanuwo sa vɔe, esime mietsɔ mia viwo to dzo mee vaseɖe egbe tso, hafi nyea mana miabia gbem asea? Metà ɖokuinye ƒe agbe: Nyemana miabia gbem ase akpɔ o, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Elabena wowɔ ahasi, eye ʋu le asi ŋu na wo, wotsɔ woƒe legbawo wɔ ahasii, eye wotsɔ wo vi, siwo wodzi nam la, to dzo me, ne woanye nuɖuɖu na wo.


Ne wowu wo viwo na legbawo la, wovaa nye kɔkɔeƒe la gbemagbe ke, ne woagblẽ ko ɖo nɛ; alea wowɔ le nye xɔ me.


Ne Israel-viwo dometɔa ɖe alo amedzrovi, si le wo dome, da ade wu gbemelã alo xevia ɖe, si woɖuna la, ekema wòaɖuɖu eƒe ʋu ɖe anyigba, eye wòaxe ke ɖe dzi.


Ne duamevi alo amedzrovia ɖe ɖu lã kuku alo lã, si nu lé la, ekema wòanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ; emegbe eŋu kɔ.


Gblɔ na wo bena: Ne Israel ƒe aƒemetɔa ɖe alo amedzrovi, si le wo dome la, wu numevɔsalã alo akpedavɔsalã,


Megatsɔ viwò sa vɔe na Molex o, bena nagaƒo ɖi Yehowa, wò Mawu ƒe ŋkɔ o. Nyee nye Yehowa.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:


Ne ŋutsu alo nyɔnua ɖe nye ŋɔliyɔla alo bokɔnɔ la, ekema woawu wo; woaƒu kpewo woaku, elabena woa ŋutɔwoe de hlɔ̃fe.


Kplɔ ɖiŋudola la yi asaɖa la godo, eye amesiwo katã se nyaa, natsɔ woƒe asi aɖo eƒe tame, eye ha blibo la naƒu kpee woaku.


Ne amea ɖe ƒo fi de Yehowa ƒe ŋkɔ la, woawui; ha blibo la naƒu kpee wòaku, eɖanye amedzro alo duamevi o, ele be, woaku, elabena eƒo fi de ŋkɔ kɔkɔe la.


Mose ƒo nu kple Israel-viwo; tete wokplɔ ɖiŋudola la do goe ɖe asaɖa godo, eye woƒu kpee woku. Eye Israel-viwo wɔ, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.


Ẽ, mietsɔ Molox ƒe agbadɔ kple mawu Romfan ƒe ɣletivi, nɔnɔme, siwo miewɔ, be miasubɔ la, ɖe asi eye made asi le mia ŋu, be miayi Babilonia godoo.“


Megawɔ alea na Yehowa, wò Mawu la o, elabena ŋunyɔnu, siwo katã Yehowa lé fui la, eya wowɔna na woƒe mawuwo; wotɔa dzo wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo gɔ̃ hã na woƒe mawuwo.


Ne ŋutsu alo nyɔnua ɖe le wò du, siwo Yehowa, wò Mawu, le na wò ge la, dometɔa ɖe me, amesiwo nusi medze Yehowa, wò Mawu ŋu o, eye wòtu eƒe nubabla,


Amea ɖeke megana dowòme, si ana woatɔ dzo viaŋutsu alo vianyɔnu o, eye bokɔnɔ, goloɖola, zidoedola kple dzotɔ,


Emegbe dua me ŋutsuwo katã naƒu kpee wòaku. Ale naɖe vɔ̃ la ɖa le dowòme, eye Israel blibo la nasee, eye woavɔ̃.


ekema woakplɔ nyɔnuvi la ayi fofoa ƒe xɔ nu, eye dua me ŋutsuwo naƒu kpee woaku, elabena ewɔ ŋukpenanu le Israel, eye wòwɔ ahasi le fofoa ƒe me. Ale naɖe vɔ la ɖa le dowòme.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa