Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 2:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Ne èbe, yeatsɔ wò agblemenu gbãtɔwo asa nuɖuvɔe na Yehowa la, ekema namè blitimuawo, eye nagbã wo hafi atsɔ asa wò nuɖuvɔ lae.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 “ ‘Ne ètsɔ nane tso wò agblemenuku gbãtɔwo me, awɔ nuɖuvɔsa na Yehowa la, ele na wò be nànyɔ bli la, nàtoe alo nàtɔe hafi atsɔ vɛ.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 2:14
16 Mawu Ofanana  

Esia megbe la eteƒe medidi o, Kain tsɔ agblemenua ɖewo wɔ vɔsae na Yehowa.


Eye ŋutsua ɖe tso Baal-Salisa tsɔ lubolo blave, siwo nye nuku gbãtɔwo ƒe abolo kple bli tɔtɔe ɖe kotoku me ve na Mawu ƒe ame la; ke eya gblɔ be, wòatsɔe na ameawo, ne woaɖu.


Kɔ ami ɖe edzi, eye natsɔ dzudzɔdonu akpe ɖe eŋu, elabena nuɖuvɔsae.


Eye nunɔla nato dzo bli gbagbã, si dzi ami le la, ƒe ɖe kple dzudzɔdonu la katã hena ŋkuɖoɖo dzi, elabena dzovɔsae wònye na Yehowa.


Ne miesa kafukafuvɔ na Yehowa la, miwɔe ale be, wòadze eŋu.


Ƒo nu kple Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Ne mieva anyigba, si matso na mi dzi, eye mieŋe nu le edzi la, ekema miatsɔ lubabla gbãtɔwo avae na nunɔla.


Miatsɔ wɔ memee eta ƒe mamã ewoliawo eve, si wodzaba kple ami awɔ nuɖuvɔsa, si woatɔ dzoe na Yehowa, be wòaʋẽ lilili, hekpe de nunovɔsa wein hin ƒe mamã eneliawo ɖeka ŋu.


Eye nunɔla nanyè nu gbãtɔwo ƒe aboloawo akpe ɖe alẽvi eveawo ŋu le Yehowa ŋku me; nu kɔkɔewo wonye na Yehowa hena nunɔla.


Elabena nye ŋkɔ lolo le dukɔwo dome tso ɣedzeƒe va-seɖe ɣetoɖoƒe, eye woado dzudzɔ ahasa vɔ dzadzɛ na nye ŋkɔ le teƒewo katã; elabena nye ŋkɔ lolo, le dukɔwo dome, Yehowa Zebaot ye gblɔe.


De se na Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Milé ŋku ɖe nye dzovɔsa ƒe vɔsanu, si nye nye nuɖuɖu, eye wòʋẽna ɖem lilili la ŋu, eye miatsɔe asa vɔ nam le ɣeyiɣi, si woɖo la dzi.


Ke azɔ la Kristo tsi tre tso ame kukuwo dome, eye wòzu amesiwo dɔ alɔ̃ la dome ŋgɔgbetɔ.


ekema tso wò agblemenu ɖesiaɖe ƒe ŋgɔgbea, si nèkpɔ le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge dzi la, ade kusi me, atso yi teƒe, si Yehowa, wò Mawu, le tiatia ge, be yeƒe ŋkɔ nana,


Nenem me siawo nye amesiwo meƒo ɖi wo ɖokui kple nyɔnuwo o; elabena ɖetugbiwo wonye. Amesiawo dzea Alẽvi la yome yia afisiafi, si wòyina. Amesiawo la woƒle wo tso amewo dome, be woanye ŋgɔgbetɔwo na Mawu kple alẽvi la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa