Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 2:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 De dze wò nuɖuvɔsawo katã me, eye wò Mawu ƒe nu, si wòbia kpli wò la, ƒe dze mato le wò nuɖuvɔsawo me o; dze nakpe ɖe wò vɔsawo katã ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Mide dze miaƒe nuɖuvɔsawo katã me. Migagbe nubabla ƒe dze si nye miaƒe Mawu tɔ dede miaƒe nuɖuvɔsawo me o; mide dze miaƒe vɔsawo katã me.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 2:13
8 Mawu Ofanana  

Ɖe mienyae bena, Yehowa, Israel ƒe Mawu la, tso Israel-fiaɖuƒe la na Dawid kple viawo, ne wòanye dzenubabla tegbee oa?


vaseɖe klosalo talento alafa, lu kor alafa, wein bat alafa kple ami bat alafa dzi kpakple dze alesi nu wodi.


Eye natsɔ wo awɔ dzudzɔ ʋeʋẽe donui; natɔtɔ wo, abe alesi atike ʋeʋẽe wɔlawo wɔne ene; nade dze eme, eme nadza, eye woabui kɔkɔe.


He wo va Yehowa ŋku me, eye nunɔlawo nawu dze ɖe edzi ahatsɔe asa numevɔe na Yehowa.


Metsɔ adzɔ, siwo katã woɖena le Israel-viwo ƒe nunana kɔkɔe, siwo wona Yehowa, ŋu la na mia kple viwòŋutsuwo kple viwònyɔnuwo; ɖoɖo mavɔ wòanye. Dzenubabla wònye le Yehowa ŋku me tegbee na mia kple wò dzidzimeviwo.


Miawoe nye anyigba ƒe dze; ke ne dze bu eƒe vivi la, nuka tsɔ ge wòala ado vivi ne mahã? Tso esia dzi la meganyo na naneke o; ke boŋ woatsɔe aƒu gbe, bena amewo naɖo afɔ edzi.


Mina amenuveve kple dze nanɔ miaƒe nya me ɖaasi, bena mianya alesi wòdze be, miaɖo nya ŋuti na amesiame.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa