Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 2:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Woate ŋu anɔ miaƒe nu gbãtɔwo me, miatsɔ ava na Yehowa; ke womate dzo wo le vɔsamlekpui la dzi abe ʋeʋẽ lilili ene o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Miate ŋu atsɔ wo vɛ na Yehowa abe nukuwo ƒe ŋgɔgbetɔwo ƒe nunanawo ene, gake mele be woatɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi abe nu si aʋẽ lĩlĩlĩ la ene o.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 2:12
15 Mawu Ofanana  

Ale Efron ƒe agble, si le Maxpela le Mamre kasa, agble la kple kpeto, si le eme, kple ati, siwo katã le agblea me godoo la,


Esi nya sia ɖi wose la, Israel-viwo na bli, wein, ami kple anyitsi kpakple agblemenuwo katã ƒe ŋgɔgbetɔwo, wona nuwo katã ƒe ewoliawo taŋtaŋ.


Nenema ke nawɔ wò nyiwo kple alẽwo hãe; ŋkeke adre wòanɔ dada gbɔ, eye le ŋkeke enyilia dzi natsɔe nam.


Tsɔ wò agblemenu gbãtɔ, siwo ʋã la, va Yehowa, wò Mawu la, ƒe me. Megaɖa gbɔ̃vi le dada ƒe notsi me o.


Ɖu kwasiɖawo ƒe ŋkekenyuie, si enye lu gbãtɔwo ŋeŋe ƒe ŋkekenyuie la; emegbe naɖu avaɖoɖoŋkekenyuie le ƒe la ƒe nuwuwu.


Ƒo nu kple Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Ne mieva anyigba, si matso na mi dzi, eye mieŋe nu le edzi la, ekema miatsɔ lubabla gbãtɔwo avae na nunɔla.


Mitsɔ wɔ memee efa ƒe mamã ewoliawo eve ƒe abolo ʋaʋã eve atsɔ tso mia nɔƒewo katã vɛ, woanye nu gbãtɔwo na Yehowa, be woanyèe.


Ke wòatsɔ abolo ʋaʋã akpe ɖe eƒe kafukafu-kple akpedavɔsalã la ŋu.


Mitsɔ miaƒe wɔ gbãtɔwo tɔ tatali ahana; eya nanye adzɔ tso miaƒe lu, siwo mieƒo la me.


Metsɔ ami nyuitɔ, wein matsimatsi nyuitɔ kple agblemenu gbãtɔ, siwo woatsɔ vɛ na Yehowa la, na wò.


Ke azɔ la Kristo tsi tre tso ame kukuwo dome, eye wòzu amesiwo dɔ alɔ̃ la dome ŋgɔgbetɔ.


Azɔ kpɔ ɖa, agblemenu, siwo nenam la, ƒe ŋgɔgbeawo nye esi metsɔ vɛ na wò, Yehowa. Eye natsɔ wo aɖa ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋku me ahade ta agu ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋku me.


Nenem me siawo nye amesiwo meƒo ɖi wo ɖokui kple nyɔnuwo o; elabena ɖetugbiwo wonye. Amesiawo dzea Alẽvi la yome yia afisiafi, si wòyina. Amesiawo la woƒle wo tso amewo dome, be woanye ŋgɔgbetɔwo na Mawu kple alẽvi la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa