Eyi ne amegã la be, yeasa numevɔ alo akpedavɔ na Yehowa le eɖo kui si la, ekema woaʋu agbo, si ɖe ta ɣedzeƒe gome la nɛ, eye wòase eƒe numevɔ kple akpedavɔ, abe alesi wòwɔna le dzudzɔgbe ene, emegbe wòado go, eye ne edzo la, ekema woatu agbo la.
Amegã la nato agba la ƒe akpata nu le gota gome age ɖe eme ahatsi tre ɖe agbo la ƒe ʋɔtruti ŋu, eye ne nunɔlawo le eƒe numevɔ kple akpedavɔ sam la, wòano gbe dom ɖa le agbo la ƒe agbali nu, emegbe wòadzo; ke womegado agbo la vaseɖe fiẽ o.
Ne amea ɖe ɖe adzɔgbe, alo le eɖokui si wòbe, yeasa akpedavɔ na Yehowa la, ekema wòatsɔ nyi alo alẽ, si so blibo, eye nu mewɔ afia ɖeke nɛ o, bena ame la ƒe nu nadze eŋu.
Eye ne amea ɖe aɖu eƒe akpedavɔsalã le ŋkeke etɔ̃agbe la, womagaxɔe nɛ o, eye womabui na amesi sa vɔ la o; lã makɔmakɔ wòanye, eye amesi aɖu eƒe ɖe la, fɔɖiɖi la anɔ edzi.