Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 19:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Eye nunɔla natsɔ fɔɖivɔsagbo lã alé avu nɛ le Yehowa ŋku me, le eƒe nuvɔ̃, si wòwɔ la ta; ekema woatsɔ eƒe nuvɔ̃, si wòwɔ la, akee.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

22 Nunɔla la alé avu kple agbo la le nu vɔ̃ si ŋutsu la wɔ ta, eye woatsɔe akee.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 19:22
7 Mawu Ofanana  

Ŋutsu la natsɔ agbo ɖeka ava Mawu ƒe agbadɔ la nu, woawɔ fɔɖivɔsae.


Ne mieva anyigba la dzi, eye mieɖo ati vovovowo, siwo ƒe tsetse woɖuna la, ekema mibu woƒe tsetse abe bolobolotɔwo ene. Ƒe atɔ̃ sɔŋ miabu wo abe bolobolotɔwo ene, eye miaɖu wo o.


Eye woawo nyitsu la, abe alesi wòwɔa nuvɔ̃ŋutivɔsa-nyitsu lae ene. Ale nunɔla la ale avu na wo, eye woatsɔe ake wo.


Eye woatɔ dzo lã la ƒe amiawo katã le vɔsamlekpui la dzi abe akpedavɔsalã ƒe ami ene. Ale nunɔla la alé avu nɛ le eƒe nuvɔ̃ la ta, eye woatsɔe akee.


Eye wòaɖe eƒe amiwo katã, abe alesi wòɖe akpedavɔsalã ƒe amiwo ene, eye nunɔla natɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi, bena wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa. Ale nunɔla alé avu nɛ, eye woatsɔe akee.


Eye wòaɖe eƒe amiwo katã le eŋu, abe alesi wòɖea ami le akpedavɔsalã ŋu ene, eye nunɔla natsɔ wo aɖa ɖe Yehowa ƒe dzovɔsalã la dzi ato dzo wo. Ale nunɔla alé avu nɛ le eƒe nuvɔ̃, si wowɔ la ta, eye woatsɔe akee.


Ke ne mate ŋu ana alé o la, ekema wòatsɔ akpakpa eve alo ahɔnevi eve asa vɔe na Yehowa ɖe eƒe vo, si wòda heɖi fɔ la ta; wòatsɔ ɖeka asa nuvɔ̃ŋutivɔe, eye woatso evelia asa numevɔe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa