Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 19:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ƒo nu kple Israel ƒe ha blibo la, eye nagblɔ na wo bena: Ame kɔkɔewo mianye, elabena nye Yehowa, mia Mawu la, mele kɔkɔe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 “Ƒo nu na Israel ƒe ƒuƒoƒo blibo la, eye nàgblɔ na wo be, ‘Minɔ kɔkɔe, elabena nye, Yehowa, miaƒe Mawu, mele kɔkɔe.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 19:2
20 Mawu Ofanana  

Woakafu wò ŋkɔ, elolo, ŋɔdzi le eŋu, eye wòle kɔkɔe.


Eye mianye; nunɔlawo ƒe fiaduƒe kple dukɔ kɔkɔe nam! Esiawo nye nya, siwo nagblɔ na Israel-viwo.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:


Mínye ame kɔkɔewo nam, elabena nye Yehowa la kɔkɔetɔ menye, eye metia mi tso dukɔwo dome, bena mianye tɔnye.


Eyata miwɔ mia ɖokui kɔkɔe, eye mianɔ kɔkɔe, elabena nyee nye Yehowa, mia Mawu!


bena viawo nagaɖi gbɔ le eƒe dukɔ me viwo dome o. Nyee nye Yehowa, si kɔ eŋu!


Ɖeko mekpɔ mɔ ava xɔmetsovɔ la gbɔ o, eye mekpɔ mɔ ate ɖe vɔsamlekpui la ŋu o, elabena nuwɔametɔ wònye, bena magaƒo ɖi nye teƒe kɔkɔeawo o; elabena nye Yehowa ŋutɔe kɔ wo ŋu.


Bu nunɔlawo kɔkɔe, elabena woawoe tsɔa wò Mawu ƒe nuɖuɖu sa vɔe. Ame kɔkɔewo woanye na wò, elabena nye Yehowa, si kɔ mia ŋu la, mele kɔkɔe.


Ne ame eve be, yewoazɔ ma la, ɖe womeɖoa gbe ɖi hafi oa?


Eyaŋuti miawo hã mizu blibo, sigbe alesi mia Fofo, si le dziƒo la, le blibo ene.


Azɔ la esi ŋugbedodo siawo le mía si la, lɔlɔ̃tɔwo, mina míakɔ mia ɖokui ŋuti tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me, bena míawu kɔkɔenyenye nu le mawuvɔvɔ̃ me.


abe alesi ke wòtia mí le eyama me, hafi wòɖo xexeame gɔme anyi ene, bene mianye kɔkɔeawo kple mokaka manɔŋutɔwo le eƒe ŋku me,


eyata ɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe, eye nawɔ se kple ɖoɖo, siwo megblɔ na wò egbe la dzi!


Yosua ɖo ŋu na dukɔ la bena: Miate ŋu asubɔ Yehowa o, elabena Mawu kɔkɔe kple Mawu hã ŋu wònye, matsɔ miaƒe vodadawo kple nuvɔ̃wo ake mi o.


Amea ɖeke mele kɔkɔe abe Yehowa ene o, ɖeke mekpe ɖe ŋuwò o, eye agakpea ɖeke meli abe mía Mawu la ene o!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa