Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 19:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Meganye sakplitɔ nɔ yiyim le wò dukɔ me viwo dome o; eye megaka ɖe dzi, be woatso kufia na hawòvi o. Nyee nye Yehowa!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 “ ‘Mèganye sakplisala anɔ yiyim le wò dukɔ me o. “ ‘Mègade nɔviwò asi be woatso kufia nɛ o, elabena nyee nye Yehowa.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 19:16
24 Mawu Ofanana  

Amesi tsɔ xɔlɔ̃wo ɖe awɔba me la, viawo ƒe ŋkuwo atsi.


Amesi lia ehavi ŋu le adza me la, matsrɔ̃e ɖa; amesi dadaŋku le ta nɛ, eye eƒe dzi vu gbloto la, mia kplii ƒe ŋɔlime meƒo go o.


amesi metsɔa eƒe ade zɔa eme gɔmee o, mewɔa vɔ̃ ɖe ehavi ŋu o, eye medea ŋukpe mo na xɔlɔ̃via o;


Ebɔbɔ nɔ anyi le nu ƒom le nɔviwò ŋu, eye nèle aɖeɖi ƒom dawòvi.


Megaɖi aʋatsoɖase le hawòvi ŋuti o.


Megasa sakpli o. Wò nu meganɔ ŋutasẽla ƒe nya me, be nazu aʋatsoɖaseɖila o.


Ɖe nu le aʋatsonyawo me; megawu amesi ƒe nya dzɔ, eye meɖi fɔa ɖeke o la o, elabena nyematso afia na ame vɔ̃ɖi o.


Amesi léa fu ame le adzame la, alakpanue; eye amesi ha ame gɔme la, bometsilae.


Amegɔmezɔla nua go nya ɣaɣla, ke nyateƒetɔ ɣlaa nya.


Amesi nye sakplitɔ le yiyim la, nua go nya ɣaɣla; eyata megaɖe ha kple nu kpoli ƒola o.


Aglãdzelawo ƒe aglãdzelawo, ame gɔmezɔlawo, akɔbli kple gayibɔe wo katã wonye, nugblẽlawo nye wo katã tim.


Amesiame flua ehavi, eye wometoa nyateƒe o; wona alakpadada ma woƒe aɖe, eye wokua kutri le nu tovo wɔwɔ me.


Ame gɔmezɔlawo le mewò, ne woakɔ ʋu ɖi, woɖua nu le towo dzi le mewo, eye wowɔa ŋukpenanu le mewo.


Mewo nuvɔ̃ be, mede ʋu maɖifɔ asi. Ke woawo gblɔ bena: Mía gbɔ nya kae wotsoa? Wò ŋutɔ kpɔ edzi!


Amesi na woɖae be, wòawu ame ahakɔ ʋu maɖifɔ ɖi la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!


Nenema ke nyɔnuwo hã nalé wo ɖokui nyuie: Woaganye ameŋuzɔlawo o, woanye amè ɖɔŋuɖowo, nuteƒewɔlawo le nusianu me.


amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o,


Nenema ke nyɔnu tsitsiwo hã nanɔ anyi, abe alesi wòdze nyɔnu kɔkɔewo ene: Wòaganye ameŋuzɔlawo o, wòaganye aha geɖe nola wo o; ke boŋ woanye nu nyui fialawo,


Eyata miɖe vɔ̃ɖinyenye katã kple aɖaŋu vɔ̃ katã kple alakpadada kple ŋuʋaʋã kple ameŋuzɔzɔ katã ɖa,


Eye Dawid gblɔ na Saul bena: Nukaŋuti nèle amegbetɔ ƒe gbe sem be, Dawid le wò vɔ̃ ɖim?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa