Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 18:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Migawɔ Egipte-nyigba, si dzi mienɔ la, dzinɔlawo ƒe nuwɔnawo o, eye migawɔ Kanaan-nyigba, si dzi mekplɔ mi yinae la, dzitɔwo ƒe nuwɔnawo o, eye migawɔ woƒe ɖoɖowo dzi hã o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Mele be miawɔ nu abe ale si wowɔna le Egipte, afi si mienɔ la ene o. Nenema ke mele be miawɔ nu abe ale si wowɔna le Kanaan, afi si mele mia kplɔm le yiyim la ene o. Migawɔ woƒe wɔnawo o.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 18:3
15 Mawu Ofanana  

Wozɔ de dukɔ, siwo Yehowa nyã le Israel-viwo ŋgɔ la ƒe ɖoɖowo kple Israel-fiawo ƒe ɖoɖowo nu.


ke boŋ wotsaka kple dukɔwo, eye wosrɔ̃ woƒe nuwɔwɔwo.


ekema megade ta agu na woƒe mawuwo alo asubɔ wo o, eye megawɔ nusiwo wowɔna la o; ke boŋ nagblẽ wo, eye nagbã woƒe legbawo.


Ke meɖe asi le eƒe gbolowɔwɔ tso Egipte ŋu o, elabena woawoe de asi eŋu le eƒe ɖetugbime, wofanya eƒe akɔnu, eye wolɔ woƒe amatrewɔwɔwo trɔ ɖe edzi.


Migawɔ dukɔ, si nyã ge mala le mia ŋgɔ la, ƒe kɔnuwo o; elabena nusiawo katã wowɔ, eyata wonyã ŋu nam.


Eye migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi xexe sia me o, hafi mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu ƒe yeyewɔwɔ me boŋ, bene miadzro nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me akpɔ.


Migawɔ alea na Yehowa, mia Mawu o,


Ɖeko ŋutsu alo nyɔnu, ƒome alo toa ɖeke meganɔ mia dome, si ƒe dzi atrɔ le Yehowa, mía Mawu la yome egbea o, eye miaƒe kèa ɖeke meganɔ anyi anye aɖi kple atsa o;


Ne Yehowa, wò Mawu, nyã wo ɖa le ŋgɔwò la, megagblɔ le wò dzi me bena: Esi menye ame dzɔdzɔe ta Yehowa kplɔm yii, bena maxɔ anyigba sia o; evɔ wònye dukɔ siawo ƒe vɔ̃ɖinyenye ta Yehowa nyã wo ɖa le ŋgɔwò ɖo hafi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa