Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 18:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Megatsɔ viwò sa vɔe na Molex o, bena nagaƒo ɖi Yehowa, wò Mawu ƒe ŋkɔ o. Nyee nye Yehowa.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 “ ‘Mègatsɔ viwò aɖeke na Molek o; atsɔe asa vɔe le eƒe vɔsamlekpui dzi. Mègaƒo ɖi wò Mawu ƒe ŋkɔ o, elabena nyee nye Yehowa.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 18:21
30 Mawu Ofanana  

Elabena wogblẽm ɖi, eye wode ta agu na Zidontɔwo ƒe mawu Astarte kple Moabtɔwo ƒe mawu Kemos kpakple Amontɔwo ƒe mawu Milkom, womezɔ nye mɔ dzi, be woawɔ nusi nyo le ŋkunye me, eye woawɔ nye ɖoɖowo kple kɔnuwo dzi abe fofoa Dawid ene o.


Ɣemaɣi Salomo tu nuxeƒe na Kemos, si nye Moabtɔwo ƒe ŋunyɔnu kple Molex, si nye Amon-viwo ƒe ŋunyɔnu, ɖe to dzi le Yerusalem ŋgɔ.


ke boŋ eto Israel-fiawo ƒe ʋe me; gɔglɔ̃gɔ la ena viawo to dzo me le dukɔ, siwo Yehowa nyã le Israel-viwo ŋgɔ la ƒe ŋunyɔnuwo nu.


Awitɔwo wɔ Nibxaz kple Tartak, eye Sefarwayimtɔwo tɔ dzo wo viwo na Adramelex kple Anamelex, siwo nye Sefarwayimtɔwo ƒe mawuwo.


Ena viawo to dzo me, eye wosa dzo, eka afã, eye wòɖo ŋɔliyɔlawo kple akunyawɔlawo, eye wòwɔ nu vɔ̃ɖi geɖe le Yehowa ŋku me, ne wòatsɔ do dziku nɛ.


Edo gu ŋunyɔƒe, si le Ben-Hinom-bali la me, be amea ɖeke magana viaŋutsu kple vianyɔnu nato dzo me na Molex o.


Edo dzudzɔ le Ben-Hinom-bali la me, eye wòna viawo to dzo me le dukɔ, siwo Yehowa nyã le Israel-viwo ŋgɔ la ƒe ŋunyɔnuwo nu.


wodi nuxeƒewo na Baal, ne woata dzo wo viwo abe numevɔsa ene na Baal, nusi nyemeɖo na wo o, nyemegblɔe na wo, alo wòahayi nye ta me va ge gɔ̃ hã o.


Wowɔ nuxeƒewo na Baal ɖe Ben-Hinom-bali la me, ne wòakɔ woƒe ŋutsuviwo kple woƒe nyɔnuviwo ŋu na Molox, nusi nyemeɖo na wo alo wòayi nye ta me va ge, be woawo ŋunyɔnu sia ahatsɔ ble Yuda ade nuvɔ̃ me o.


wowɔ Tofet-nuxeƒe ɖe Ben-Hinom-bali me la, ne woatɔ dzo woƒe ŋutsuviwo kple woƒe nyonuviwo, nusi ŋu nyemede se na wo le loo, alo wòayi nye la me va ge o.


Eye mena wotsɔ woƒe vɔsanuwo gblẽ kɔ ɖo na wo ɖokui, esime wotsɔ woƒe vi ŋgɔgbeawo katã to dzo mee, ne magblẽ wo, eye ne woadze sii be, nyee nye Yehowa.


Israel ƒe aƒe, mietsɔ miaƒe legbawo katã gblẽ kɔ ɖo na mia ɖokui, eye mietsɔ miaƒe vɔsanuwo sa vɔe, esime mietsɔ mia viwo to dzo mee vaseɖe egbe tso, hafi nyea mana miabia gbem asea? Metà ɖokuinye ƒe agbe: Nyemana miabia gbem ase akpɔ o, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Elabena wowɔ ahasi, eye ʋu le asi ŋu na wo, wotsɔ woƒe legbawo wɔ ahasii, eye wotsɔ wo vi, siwo wodzi nam la, to dzo me, ne woanye nuɖuɖu na wo.


Migaka aʋatso yɔ nye ŋkɔ ta nui o, bena nagaƒo ɖi wò Mawu ƒe ŋkɔ o. Nyee nye Yehowa!


Woanɔ kɔkɔe na woƒe Mawu, eye womaƒo ɖi woƒe Mawu ƒe ŋkɔ o, elabena woawoe sa Yehowa ƒe dzovɔ, si nye woƒe Mawu ƒe nuɖuɖu, eyata woanɔ kɔkɔe.


Ƒo nu kple Aron kple viaŋutsuawo bena, woakpɔ nyuie le Israel-viwo ƒe nu kɔkɔe, siwo ŋu wokɔ nam la ŋu, bena womaga ƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la o. Nyee nye Yehowa!


Migaƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la o, bena woakɔ ŋunye le Israel-viwo dome. Nyee nye Yehowa, si wo mi kɔkɔe,


Ke ale nagblɔ na Israel-viwo enye si: Ne amea ɖe do ɖiŋu na eƒe Mawu la, ekema eƒe nuvɔ̃ le edzi.


Wo amesiwo ƒe ve me le fiefiẽm ɖe kekui, si le ame dahe ƒe ta me la ŋu, woglɔ̃a mɔ na hiãtɔwo, eye vi kple fofoa woyia gbolo ɖeka gbɔ, ne woaɖo gu nye ŋkɔ kɔkɔe la.


Eyata miatsɔ miaƒe legbawo: Miaƒe fia Sakut kple miaƒe mawu Kewan ƒe dzinuvi, si miewɔ na mia ɖokui la;


Ɖe agbo akpewo kple amitɔʋu akpe nanewo adze Yehowa ŋua? Ɖe matsɔ vinye ŋgɔgbea ana ɖe nye dzidadawo ta kple nye dɔmevi ana ɖe nye luʋɔ ƒe nuvɔ̃wo taa?


Ke miawo miedo gui hele gbɔgblɔm be; Yehowa ƒe kplɔ̃ ŋu mekɔ o, eye edzi nuɖndu le ŋu nyɔm.


Ẽ, mietsɔ Molox ƒe agbadɔ kple mawu Romfan ƒe ɣletivi, nɔnɔme, siwo miewɔ, be miasubɔ la, ɖe asi eye made asi le mia ŋu, be miayi Babilonia godoo.“


eye woɖɔ li Mawu magblẽmagblẽ la ƒe ŋutikɔkɔe la, bene wòaɖi ame gbegblẽ kple xeviwo kple lãfɔnewo kple nutatawo ƒe nɔnɔme.


Elabena le miawo ŋuti la wogblɔa busunya ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti le trɔ̃subɔlawo dome, abe alesi woŋlɔ ɖi ene.


Megawɔ alea na Yehowa, wò Mawu la o, elabena ŋunyɔnu, siwo katã Yehowa lé fui la, eya wowɔna na woƒe mawuwo; wotɔa dzo wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo gɔ̃ hã na woƒe mawuwo.


Amea ɖeke megana dowòme, si ana woatɔ dzo viaŋutsu alo vianyɔnu o, eye bokɔnɔ, goloɖola, zidoedola kple dzotɔ,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa