Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 18:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ƒo nu kple Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Nyee nye Yehowa, mia Mawu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 “Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 18:2
16 Mawu Ofanana  

Eye maɖo nye nubabla anyi le mía kpli wò kple megbewòviwo katã dome, eye wòanye nubabla mavɔ, bena manye wò ŋutɔ kple megbewòviwo ƒe Mawu tegbee.


Woɔyra dukɔ, si ƒe Mawu Yehowa nye; dukɔ, si wòtia wɔ domenyinu na eɖokui.


Nyee nye Yehowa wò Mawu, si kplɔ wò tso kluvinyenyeƒe me le Egipte-nyigba dzi.


Mawɔ mi mianye nye dukɔ, eye manye miaƒe Mawu, eye miadze sii be, nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, amesi kplɔ mi le dɔ sesẽ la nu tso Egipte.


Gblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Gbesigbe metia Israel, eye mekɔ nye asi dzi na Yakob ƒe aƒe ƒe ƒomea, mede ɖokuinye fía wo le Egipte-nyigba dzi, eye mekɔ nye asi dzi na wo hegblɔ bena: Nyee nye Yehowa, mia Mawu la,


Mía dome amesiame neɖe ŋunyɔnu ɖa le ŋku ta, eye migatsɔ Egipte-legbawo gblẽ kɔ ɖo na mia ɖokui o; nye Yehowa ye nye mia Mawu.


Elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. Eyata miwɔ mia ɖokui kɔkɔe, eye mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔetɔ menye; migatsɔ anyigbadzilã suewo gblẽ kɔ ɖo na mia ɖokui o.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:


Eyata milé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo ŋu, bena miagawɔ kɔnu gbegblẽ, siwo wowɔ le mia ŋgɔ la, ahado ŋunyɔ mia ɖokui o Nyee Yehowa, mia Mawu!


Miwɔ nye sewo dzi, eye milé ŋku ɖe nye ɖoɖowo ŋu, ne miawo wo dzi. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!


Megaxa wò weingblemenuwo ƒiaƒiaƒia o, eye megafɔ tsetse, siwo dudu ɖe anyi hã o: ke boŋ gblẽ wo ɖi na ame dahewo kple amedzrowo. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!


Amedzro nanɔ mia gbɔ abe duamevi ene, eye nalɔ̃e abe ɖokuiwò ene; elabena miawo hã míenye amedzrowo kpɔ le Egipte-nyigba dzi. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!


Migawɔ dukɔ, si nyã ge mala le mia ŋgɔ la, ƒe kɔnuwo o; elabena nusiawo katã wowɔ, eyata wonyã ŋu nam.


Eyata miwɔ mia ɖokui kɔkɔe, eye mianɔ kɔkɔe, elabena nyee nye Yehowa, mia Mawu!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa