Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 17:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye nunɔla nawu ʋu la ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la ŋu le Mawu ƒe agbadɔ la nu, eye woatɔ dzo amiawo, bena woaʋẽ lilili ɖe Yehowa.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Nu sia wɔwɔ ana nunɔla la nate ŋu ahlẽ ʋu la ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi, le Agbadɔ la ƒe mɔnu, eye wòatɔ dzo lãwo ƒe ami abe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ ene na Yehowa. Nu sia adze Yehowa ŋu eye wòado dzidzɔ nɛ.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 17:6
12 Mawu Ofanana  

Eyome naɖe ami, siwo katã le dɔmenuawo ŋu kple aklã ŋuti nuwo kpakple ayiku eveawo kple wo ŋuti nuwo, eye nata dzo wo ɖe vɔsamlekpui la dzi.


Eye natɔ dzo agbo blibo la ɖe vɔsamlekpui la dzi; elabena numevɔsa wònye na Yehowa, ʋeʋẽ lilili kple Yehowa ƒe dzo wònye.


Ke nunɔla, siwo nye Lewi-viwo, amesiwo tso Zadok-viwo dome, eye wosubɔ le nye kɔkɔeƒe la me, esime Israel-viwo trɔ le yonyeme la, woawo nete ɖe ŋunye, ne woasubɔm, eye woatsi tre ɖe ŋkunye me, ne woatsɔ ami kple ʋu asa vɔ̃e nam, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Eyata Israel-viwo natsɔ woƒe vɔsalã, siwo wonɔa wuwum le gbedzi la, avae na nunɔla le Yehowa ŋku me le Mawu ƒe agbadɔ la nu, eye woasa akpedavɔ na Yehowa.


Eye nunɔla natɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi, dzovɔsanuɖuɖu wònye na Yehowa.


eye wòatsɔ eƒe asi aɖo eƒe tame, eye woawui le Mawu ƒe agbadɔ la ŋgɔ; emegbe Aron viŋutsuwo natsɔ eƒe ʋu ahlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo ava kpe.


Eye nunɔla natɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi, dzovɔsanuɖuɖu, si ʋẽna lilili wònye. Amiawo katã Yehowa tɔe.


Eye wòatsɔ eƒe asi aɖo eƒe vɔsalã la ƒe tame, eye woawui le Mawu ƒe agbadɔ la nu; emegbe Aron viŋutsu, siwo nye nunɔlawo, natsɔ ʋu la ahlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo ava kpe.


Eye Aron viŋutsuwo nato dzo wo le vɔsamlekpui la dzi kpakple numevɔsa, si le nake, siwo te wodo dzo ɖo la dzi, dzovɔsa, si ʋẽna lilili ɖe Yehowa wònye.


eye wòatsɔ eƒe asi aɖo eƒe vɔsalã la ƒe tame, eye wòawui le Mawu ƒe agbadɔ la nu; emegbe Aron viŋutsuwo natsɔ ʋu la ahlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo ava kpe.


Eye wòaɖe eƒe amiwo katã, abe alesi wòɖe akpedavɔsalã ƒe amiwo ene, eye nunɔla natɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi, bena wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa. Ale nunɔla alé avu nɛ, eye woatsɔe akee.


Ke womatsɔ ga axɔ nyiwo, alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe ŋgɔgbeawoe o, elabena wo ŋu kɔ; nawu woƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la ŋu, eye natɔ dzo woƒe amiwo, bena woanye dzovɔsa, si aʋẽ lilili ɖe Yehowa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa