Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 16:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Emegbe Aron natsɔ eya ŋutɔ ƒe nuvɔ̃vɔsanyitsu la alé avu na eya ŋutɔ kple eƒe aƒe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 “Gbã la, ele be wòatsɔ nyitsuvi fɛ̃ la asa nu vɔ̃ vɔsa na Yehowa ɖe eɖokui ta, eye wòalé avu ɖe eya ŋutɔ kple eƒe ƒomea ta.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 16:6
12 Mawu Ofanana  

Eye ne aglotuɣiawo trɔ va kpe la, Hiob dɔa ame da woɖakɔa wo ŋu. Efɔna ŋdi kanya, eye wòsa numevɔ ɖe wo katã ƒe xexlẽme nu; elabena Hiob gblɔ be: Misela vinyewo wɔ nuvɔ̃, eye wofe Mawu ɖe aga le woƒe dziwo me hĩ. Alea Hiob wona ɣesiaɣi.


ekema natsɔ nyitsuvi ɖeka na nunɔla, siwo nye Lewi-viwo, amesiwo tso Zadok-viwo dome, eye wokpɔ mɔ ate ɖe ŋunye, ne woasubɔm la, be woatsɔ asa nuvɔ̃vɔe; Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Eye ne wowu ŋkeke siawo nu vɔ la, ekema nunɔlawo nasa miaƒe numevɔwo kple miaƒe akpedavɔwo tso ŋkeke enyilia dzi heyii, eye miaƒe nu adze ŋunye. Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Nusiwo Aron natsɔ ava kɔkɔeƒe la, wonye: Nyitsu ɖagbee ɖeka woawɔ nuvɔ̃vɔsae kple agbo ɖeka woawɔ numevɔsae.


Eyome wòatsɔ gbɔ̃tsu eveawo aɖo Yehowa ƒe ŋku me le Mawu ƒe agbadɔ la nu.


Emegbe Mose gblɔ na Aron bena: Te ɖe vɔsamlekpui la ŋu, eye nasa wò nuvɔ̃vɔ kple wò numevɔ, bena nalé avu na ɖokuiwò kple dukɔ la; eyome nasa vɔ ɖe dukɔ la ta, be nalé avu na wo, abe alesi Yehowa de se ene.


amesi mehiã gbesiagbe vɔsasa abe nunɔlagã mawo, amesiwo wɔ vɔsasa gbã ɖe woa ŋutɔwo ƒe nuvɔ̃wo ta, eye emegbe la ɖe dukɔ la ƒe nuvɔ̃wo ta ene o; elabena ewɔ esia zi ɖeka hɔ̃ ko ɖe ɣeyiɣiawo katã nu, esime wòtso ye ŋutɔ ɖokui hena.


eye metsɔ gbɔ̃tsu wo kple nyiviwo ƒe ʋu hã o, ke boŋ ye ŋutɔ ƒe ʋu wòtsɔ yi ɖe kɔkɔeƒe la me zi ɖeka hɔ̃ ko ɖe ɣeyiɣiawo kalẽ nu, eye wòtsɔ xɔxɔ mavɔ vɛ.


Ke agbadɔ evelia la, nunɔlagã la koe dea eme, ƒe ɖeka zi ɖeka, eye meɖena ʋu, si woatsɔ ana ɖe ye ŋutɔ kple dukɔ la ƒe numanyamanya ta la, matsɔmatsɔe o;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa