Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 16:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye woaxɔ gbɔ̃tsu eve le Israel-viwo ƒe ha la si awɔ nuvɔ̃vɔsae kple agbo ɖeka awɔ numevɔsae.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Israelviwo ana gbɔ̃tsu eve hena woƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple agbo ɖeka hena woƒe numevɔsa.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 16:5
14 Mawu Ofanana  

Eye wokplɔ nyitsu adre, agbo adre, alẽvi adre kple gbɔ̃tsu adre vɛ, be woanye nuvɔ̃vɔsa ɖe fiaɖuƒe la kple kɔkɔeƒe la kpakple Yuda ta. Eye wòde se na Aron viwo, amesiwo nye nunɔlawo, be woasa vɔ le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi.


Wotsɔ nyitsu alafa ɖeka, agbo alafa eve kple alẽvi alafa ene sa vɔe le mawuxɔ la ŋutikɔkɔ me, eye wotsɔ gbɔ̃tsu wuieve ɖe Israel toawo ƒe xexlẽme nu sa nuvɔ̃vɔe ɖe Israel blibo la ta.


Nenye alẽ alo gbɔ̃ wòbe, yeatsɔ amè numevɔsae la, ekema woatso atsu, si so blibo, asa vɔ lae.


Ne nunɔla, si wòsi ami na, da vo hehe vɔ̃ va dukɔ la dzi la, ekema woatsɔ nyitsu ɖagbea ɖe, si so blibo asa nuvɔ̃ŋutivɔ na Yehowa ɖe nuvɔ̃, si wòwɔ la ta.


Eye wòna wohe nuvɔ̃vɔsanyitsu la ve, eye Aron kple viaŋutsuawo tsa woƒe asiwò ɖo nuvɔ̃vɔsanyitsua ƒe tame.


Kplɔ nɔviwò Aron kple viaŋutsuwo, eye natsɔ awuawo, ami sisi la, nuvɔ̃vɔsa-nyitsu la, agbo eveawo kpakple kusi, si me nu maʋamaʋãwo le,


eye wògblɔ na Aron bena: Lé nyitsuvi woawo nuvɔ̃vɔsae kple agbo woawɔ numevɔsa; woa kple eve la nasɔ blibo, eye nakplɔ wo ava Yehowa ƒe ŋku me.


Emegbe miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nuvɔ̃vɔe vɔ akpe ɖe nuvɔ̃vɔsa, si wotsɔ lé avui kple gbesiagbe numevɔsa kpakple eŋu nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋuti.


Elabena nusi se la mete ŋu wo o, esime wògbɔdzɔ to ŋutilã me la, Mawu wɔe, eye wòdo ye ŋutɔ Via ɖo ɖa le nuvɔ̃ŋutilã ƒe sɔsɔ me, eye le nuvɔ̃ ŋuti wodoe ɖa ɖo, eye wobu to nuvɔ̃ la le ŋutilã me,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa