Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 16:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eye Aron natsɔ eƒe asiwo kple eve aɖo gbɔ̃tsu gbagbe la ƒe tame, eye wòaʋu Israel-viwo ƒe vodadawo, dzidadawo kple woƒe nuvɔ̃wo katã me akɔ ɖe gbɔ̃tsu la ƒe ta dzi, eye wòana ŋutsu, si le klalo la, nakplɔe aɖo ɖe gbedzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 Ada eƒe asi eveawo ɖe gbɔ̃tsu la ƒe ta dzi, eye wòaʋu Israelviwo ƒe nu vɔ̃wo katã me ɖe edzi. Adro woƒe nu vɔ̃wo katã ɖe gbɔ̃ la ƒe ta dzi, eye wòana ame aɖe si wotia da ɖi la nakplɔ gbɔ̃ la ayi ɖe gbedzi.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 16:21
16 Mawu Ofanana  

Esi Ezra do gbeɖa, eye wòʋu eɖokui me, efa avi, eye wòmlɔ mawuxɔ ŋgɔ la, ameha gãa ɖe ŋutɔ tso Israel va kpe ta ɖe egbe ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo; elabena dukɔ la fa avi vevie.


Mede nye nuvɔ̃wo fia wò, eye nyemetso nu tsyɔ nye vodadawo dzi o; megblɔ be, maʋu nye dzidadawo me na Yehowa; tete nètsɔ nye nuvɔ̃ ƒe vodadawo kem. Sela.


Mawu, ve nunye le wò dɔmenyo la nu, eye le wò nublanui-kpɔkpɔ sɔgbɔ la nu tutu nye dzidadawo ɖa!


He nyitsu la va Mawu ƒe agbadɔ la ŋgɔ, eye Aron kple viaŋutsuawo natsɔ woƒe asiwo aɖe nyitsua ƒe tame.


Amesi tsɔ nu tsyɔ eƒe vodada dzi la, madze edzi nɛ o; ke amesi ʋu eme, eye wòdzudzɔe la, woave enu.


Mí katã míetra mɔ abe alẽwo ene, eye amesiame lé eƒe mɔ tsɔ; ke Yehowa na míaƒe vodadawo katã va eyama dzi.


Eye woatso eƒe asi aɖo numevɔsalã la ƒe tame, ekema ana wòadze eŋu, eye wòalé avui.


Ne eɖe nuvɔ̃ ɖa le kɔkɔeƒe la, Mawu ƒe agbadɔ la kple vɔsamlekpui la ŋu va la, ekema wòana woahe gbɔ̃tsu gbagbe la vɛ.


Ekem woƒe vodadawo katã yi ɖe gbɔ̃tsu la dzi wotsa yi gbedadaƒoe, eye wòaɖe asi le gbɔ̃tsu la ŋu le gbedzi.


Emegbe ne woaʋu woawo ŋutɔ kple wo fofowo ƒe vo, si woda hewɔ nuvɔ̃, eye wotsi tre ɖe ŋunye,


Eya dzɔ, ne amea ɖe ɖi fɔ le nusiawo dometɔ ɖeka me la, ekema wòaʋu vo, si wòda la me,


elabena wotsɔa dzi xɔna sena hena dzɔdzɔenyenye, eye wotsɔa nu ʋua eme hena agbexɔxɔ la.


Elabena amesi menya nuvɔ̃a ɖeke o la, ewɔe ne wòanye nuvɔ̃ ɖe mia teƒe, bene míawo la míazu Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye le eyama me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa