Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 16:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Ne edo go la, wòate ɖe vɔsamlekpui, si le Yehowa ŋku me la ŋu, eye wòaɖe nuvɔ̃ ɖa le eŋu. Wòaku nyitsu la ƒe ʋua ƒe ɖe kpakple gbɔ̃tsu la ƒe ʋua ƒe ɖe asisi ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu godoo ava kpe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 “Azɔ la, ado go ayi vɔsamlekpui la gbɔ le Yehowa ŋkume, eye wòaɖe nu vɔ̃ ɖa le eŋu. Ele be wòasisi nyitsu la kple gbɔ̃tsu la ƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la ƒe lãdzowo ŋu,

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 16:18
14 Mawu Ofanana  

Eye Aron natsɔ nuvɔ̃ ŋuti vɔsalã, si enye avulénu la, ƒe ʋu aɖe nuvɔ̃ ɖa le eƒe dzowo ŋu zi ɖeka le ƒe ɖeka me. Zi ɖeka woaɖe nuvɔ̃ ɖa le eŋu le ƒe ɖeka me, eye wòanye ɖoɖo na miaƒe dzidzimeviwo; elabena nu kɔkɔetɔ wònye na Yehowa.


Tsɔ eƒe ʋu ƒe ɖe sisi ɖe eƒe dzo eneawo kple eƒe kawo ƒe dzogoe eneawo kpakple to, si woɖo nɛ godoo va kpe la ŋu, eye nade nuvɔ̃ ɖa le eŋu alé avui.


Le ŋkeke eveagbe la natsɔ gbɔ̃tsu, si sɔ blibo la, asa nuvɔ̃vɔe, eye woatsɔe aɖe nuvɔ̃ ɖa le vɔsamlekpui la ŋuti, abe alesi wotsɔ nyitsu ɖe nuvɔ̃ ɖa le eŋui ene.


Eye nunɔla natsɔ nuvɔ̃vɔsalã ƒe ʋu ƒe ɖe asisi ɖe xɔ la ƒe ʋɔtrutiwo kple vɔsamlekpui la ƒe kawo ƒe dzogoe eneawo kple xɔxɔnu metɔ ƒe ʋɔtrutiwo ŋu.


Eye wòaɖe nuvɔ̃ ɖa le kɔkɔeƒe la ŋu le Israel-viwo ƒe nu makɔmakɔ wɔwɔwo kple vo, siwo woda hewɔ nuvɔ̃ la ta; eye alea wòawɔ Mawu ƒe agbadɔ, si le wo gbɔ le woƒe nu makɔmakɔ wɔwɔwo dome la hãe.


Amea ɖeke manɔ Mawu ƒe agbadɔ la me, ne eyi ɖe eme, be wòalé avu le kɔkɔeƒe la me o, vaseɖe esime wòado go. Ale wòalé avu na eya ŋutɔ kple eƒe aƒe kpakple Israel ƒe aƒe blibo lae.


Emegbe woatsɔ ʋu la asisi ɖe vɔsamlekpui, si le Mawu ƒe agbadɔ la me le Yehowa ƒe ŋku me la, ƒe dzowo ŋu; ke wòatsɔ ʋu mamlea katã akɔ ɖe numevɔsamlekpui, si le Mawu ƒe agbadɔa nu la te.


Emegbe nunɔla natsɔ eƒe asi asisi nuvɔ̃ŋutivɔsalã ƒe ʋu la ƒe ɖe ɖe numevɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, ke woatsɔ ʋu mamlea akɔ ɖe numevɔsamlekpui la te.


Emegbe nunɔla la natsɔ ʋu la asisi ɖe vɔsamlekpui, si le Mawu ƒe agbadɔ la me, si dzi wotsɔa atike ʋeʋẽewo doa dzudzɔe ɖo la, fe dzowo ŋuti le Yehowa ƒe ŋku me ke wòatsɔ nyitsu la ƒe ʋu mamlea akɔ ɖe vɔsamlekpui, si le Mawu ƒe agbadɔ nu la te.


Eye woatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nuvɔ̃vɔe, ne wòalé avu na mi.


Mewo ɖokuinye kɔkɔe ɖe wo ta, bena woawo hã woazu ame kɔkɔewo le nyateƒe la me.


Elabena amesi kɔa amewo ŋuti kple amesiwo ŋuti wokɔ la, wo katã dzɔ tso ame ɖeka me, eyata ŋu mekpee be, wòayɔ wo be nɔviwo o:


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa