Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 16:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eye wòaɖe nuvɔ̃ ɖa le kɔkɔeƒe la ŋu le Israel-viwo ƒe nu makɔmakɔ wɔwɔwo kple vo, siwo woda hewɔ nuvɔ̃ la ta; eye alea wòawɔ Mawu ƒe agbadɔ, si le wo gbɔ le woƒe nu makɔmakɔ wɔwɔwo dome la hãe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Ekema aɖe nu vɔ̃ ɖa le teƒe kɔkɔe la ŋu, elabena Israelviwo ƒe nu vɔ̃wo na wòzu nu makɔmakɔ, eye wòagaɖe nu vɔ̃ ɖa le Agbadɔ si le ameawo dome, eye woƒe nu vɔ̃wo ƒo xlãe la hã ŋu.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 16:16
12 Mawu Ofanana  

Eye Aron natsɔ nuvɔ̃ ŋuti vɔsalã, si enye avulénu la, ƒe ʋu aɖe nuvɔ̃ ɖa le eƒe dzowo ŋu zi ɖeka le ƒe ɖeka me. Zi ɖeka woaɖe nuvɔ̃ ɖa le eŋu le ƒe ɖeka me, eye wòanye ɖoɖo na miaƒe dzidzimeviwo; elabena nu kɔkɔetɔ wònye na Yehowa.


Amea ɖeke manɔ Mawu ƒe agbadɔ la me, ne eyi ɖe eme, be wòalé avu le kɔkɔeƒe la me o, vaseɖe esime wòado go. Ale wòalé avu na eya ŋutɔ kple eƒe aƒe kpakple Israel ƒe aƒe blibo lae.


Ne edo go la, wòate ɖe vɔsamlekpui, si le Yehowa ŋku me la ŋu, eye wòaɖe nuvɔ̃ ɖa le eŋu. Wòaku nyitsu la ƒe ʋua ƒe ɖe kpakple gbɔ̃tsu la ƒe ʋua ƒe ɖe asisi ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu godoo ava kpe.


Ɣleti adrelia sia ƒe ŋkeke ewolia enye avulégbe, takpegbe kɔkɔe wònye na mi, míatsi nu adɔ, eye miasa dzovɔ na Yehowa.


Emegbe Mose wui, eye wotso eƒe asibide sisi ʋu la ƒe ɖe ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu godoo va kpe, eye wòɖe nuvɔ̃ ɖa le vɔsamlekpui la ŋu; ke ekɔ ʋu mamlea ɖe anyigba le vɔsamlekpui la gbɔ. Ale wòwɔe kɔkɔe, esi wòwɔ avulénuwo le eŋu.


Eye Mose gblɔ na Aron bena: Tsɔ dzudzɔdosonu, eye naɖe dzo ɖe eme le vɔsamlekpui la dzi, nètsɔ nayi ha la gbɔ, eye nale avu na wo, elabena Yehowa do dɔmedzoe, eye dɔvɔ̃ dze gɔme.


Eye miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nuvɔ̃vɔe na Yehowa akpe ɖe gbesiagbe numevɔsa kple nunovɔsa la ŋu.


Eye ne meyi, eye medzra teƒe ɖo ɖi na mi la, magava, eye maxɔ mi ɖe nye ŋutɔ gbɔnye, bena afisi nye la mele la, miawo hã mianɔ afima.


Eyata ele nɛ be, wòaɖi nɔviawo le nuwo katã me, bene wòatrɔ zu nunɔlagã nublanuikpɔla kple nuteƒewɔla le Mawu ƒe dɔwo gome, bene wòalé avu le dukɔ la ƒe nuvɔ̃wo ta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa