Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 15:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Miƒo nu kple Israel-viwo, eye miagblɔ na wo bena: Ne ŋutsua ɖe le afu ɖɔm la, ekema eŋu mekɔ o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 “Migblɔ na Israelviwo be, ‘Ne ŋutsu aɖe le afu ɖɔm la, eŋuti mekɔ o.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 15:2
15 Mawu Ofanana  

Neva Yoab ƒe ta kple fofoa ƒe aƒe blibo la dzi, eye afuɖɔla kple anyidzela, amesi tɔna ɖe ati ŋu kple amesi tsia yi nu kpakple amesi abolokoe wona, nu matso le Yoab ƒe me o!


Etu se anyi ɖe Yakob, eye wòɖo nufiame anyi de Israel, siwo ŋu wòde se na mía fofowo le be, woafia wo wo viwo,


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose kpakple Aron bena:


Ne tsi le dodom le eƒe ŋutsu me alo enu xe la, ekema eŋu meka o.


Ne Aron viwo dometɔa ɖe dze anyi alo le atu ɖɔm la, mekpɔ mɔ aɖu nunana kɔkɔe la ɖeke o, vaseɖe esime eŋu nakɔ hafi. Ne amea ɖe ka asi amesi gblẽ kɔ ɖo ɖe ame kuku ŋu, alo amesi nyẽ tsi ŋuti,


Ne ede asi amea ɖe ƒe nu makɔmakɔa; ɖe, si na be, ame la gblẽ kɔ ɖo ŋu, eye menyae o, emegbe wòdzesii la, ekema eɖi fɔ.


De se na Israel-viwo be, woaɖe anyidzelawo, afuɖɔlawo kple amesiwo gblẽ kɔ ɖo le ame kuku ŋu la ɖa le asaɖa la me.


Eye kpɔ ɖa, nyɔnua ɖe, si ŋu ʋu le dodom le ƒe wuieve sɔŋ la, to emegbe va te ɖe eŋu, eye wòde asi eƒe awuto ŋu;


Eye nyɔnua ɖe, si ŋu ʋu le dodom le ƒe wuieve sɔŋ,


Eye nyɔnua ɖe, si le ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ, amesi gblẽ eƒe agbemenuwo katã na gbedalawo, eye ɖeke mete ŋu da gbe eŋu o la,


Nu geɖe le go sia go me; gbã wotsɔ Mawu ƒe nyawo ɖewo si.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa