Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 14:41 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

41 Emegbe woadza xɔ la ƒe gli ŋu afisiafi le eme, eye wòalɔ anyi, si wòdza la, akɔ ɖe du la godo le teƒe makɔmakɔa ɖe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

41 Le esia megbe la, ana woaka xɔa me ƒe gliwo ŋu nyuie, eye woalɔ gli kakawo aɖakɔ ɖe teƒe makɔmakɔ aɖe le dua godo.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 14:41
10 Mawu Ofanana  

amesiwo bɔbɔ nɔa yɔdowo me eye wotsia teƒe ɣaɣlɛwo dɔna, amesiwo ɖua halã, eye detsi nyɔ ŋu le woƒe ku lu wo me;


Magblẽ Tiro ƒe gliwo, eye mamũ eƒe xɔ tsralawo aƒu anyi, makplɔ eƒe anyiglãgowo ɖa, eye mawɔe woazu agakpe ƒeƒle.


ekema nunɔla la nade se bena, woaho kpe, siwo ŋu nua le la, ɖa atsɔ wo aƒu gbe ɖe du la godo, le teƒe makɔmakɔa ɖe.


Eyome woatsɔ kpe bubuwo aɖo kpe kemeawo teƒe, eye woatsɔ anyi bubu atre xɔ lae.


Woagbã xɔ la aƒu anyi, eye woalɔ xɔ la ƒe kpewo, atiwo kple anyiglãgowo aƒu gbe ɖe du la godo le teƒe makɔmakɔa ɖe.


eye wòafe eyama ɖe eve, eye wòana eƒe gomee akpe ɖe alakpatɔwo ŋu: afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.


Eye esi wòva egodo le Gadaratɔwo ƒe anyigba dzi la, ame eve, siwo me gbɔgbɔ vɔwo le, eye adã le mo na wo ŋutɔ, ale bena amea ɖeke metea ŋu toa afimamɔ o la, do go tso yɔdowo me va kpee.


amesiwo dome Himenaio kple Aleksandro wole, amesiwo metsɔ de asi na Satana, bene wòahe to na wo, be woadzudzɔ busunyagbɔgblɔ.


Ke avũwo kple afakalawo kple matrewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple trɔ̃subɔlawo kpakple amesiame, si lɔ̃a aʋatsokaka, eye wòkanɛ la, woatsi agbo la godo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa