Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 14:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 eye nunɔla la nado ayi egbɔ le asaɖa la godo. Ne nunɔla la kpɔ bena, anyi la vɔ le anyidzela ŋu la,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Nunɔla la atso asaɖa la me ayi aɖadoe kpɔ. Ne nunɔla la kpɔ be kpodɔléla la ƒe lãme sẽ la,

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 14:3
14 Mawu Ofanana  

Tete wòɖi abu yi ɖado ɖi ɖe Yordan me zi adre le Mawu ƒe ame ƒe nya la nu, eye eƒe ŋutigbalẽ zu abe ŋutsuvi dzaa ɖe ƒe ŋutigbalẽ ene, eye eŋuti kɔ.


Eya gblɔ na eƒe aƒenɔ bena: Oo, ne nye aƒetɔ aɖe nyagblɔɖila, si le Samaria gbɔ la! ayɔ dɔ eƒe anyi la nɛ.


Elabena edea abi eme ŋu, eye wògablanɛ, eƒoa ame, eye eƒe asi daa gbe le eŋu.


gblɔ bena: Ne eɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe pɛpɛpɛ, eye nèwɔ nusi nyoa eŋu, lé to ɖe eƒe seawo ŋu, eye nèwɔ eƒe ɖoɖowo katã dzi la, ekema nyemate fukpekpe, siwo katã mena wova Egiptetɔwo dzi la, ava dziwò o; elabena nye Yehowa enye wò dɔyɔla.


Ne amea ɖe ƒe ŋutigbalẽ dze haƒla, aklabi alo dzi, eye wòbe, yeatrɔ zu anyi la, ekema woakplɔ ame la ava nunɔla Aron alo viaŋutsu, siwo nye nunɔlawo la, dometɔ ɖeka gbee.


Ŋkeke alesi anyia le eŋu la, eŋu mekɔ o, eya ɖeka nanɔ aga, asaɖa la godo nanye enɔƒe.


Ke ne wogbugbɔ xɔ la tre, eye nunɔla la va, eye wòkpɔ bena, nu la mekeke ɖe nu le xɔa me o la, ekema nunɔla la nabu xɔ la be, eŋu kɔ, elabena nu la vɔ.


Mida gbe le dɔlélawo ŋu, migbɔ agbe ame kukuwo: mina anyidzelawo ŋuti nakɔ, eye minyẽ gbɔgbɔ vɔwo do goe. Faa miexɔe, faa minae.


Ŋkunɔwo le nu kpɔm, eye tekunɔwo le azɔli zɔm, anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm, eye tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsi tre tsim, eye wole nyanyuie la gblɔm fia ame dahewo.


Eye anyidzela geɖewo le Israel le nyagblɔɖila Elisa gali, eye womeklɔ wo dometɔa ɖeke ŋuti o, negbe Naeman, Siriatɔ la ko.


Eye Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo bena: Miheyi ɖagblɔ nusi miekpɔ kple nusi miese la, fia Yohanes bena: Ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm; tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsitre tsim, eye wole nyanyuie la gblɔm fia ame dahewo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa