Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 14:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Nunɔla nalé alẽvi ɖeka akpe ɖe ami trevi ɖeka la ŋu asa fɔɖivɔe, eye wòanyè wo le Yehowa ŋku me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Nunɔla la atsɔ alẽawo dometɔ ɖeka kple ami lita ɖeka ƒe akpa etɔ̃lia la, eye wòatsɔ wo ana Yehowa abe fɔɖivɔsa ene to wo nyenye le yame le vɔsamlekpui la ŋgɔ me.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 14:12
13 Mawu Ofanana  

Eyome naɖe ami, siwo le agboa ŋu; ɖe asike la kple eŋu miwo, ami, siwo le dɔmenuawo ŋu, aklã ŋu miwo, ayiku eveawo kple wo ŋu miwo kpakple nuɖusita; elabena ameɖoɖo ƒe agboe.


eye natsɔ nuawo katã ade asiƒome na Aron kple viaŋutsuawo, eye nanyè nuawo le Yehowa ƒe ŋku me.


Ɖe agbo, si wowu hena Aron ɖoɖo la ƒe akɔ, eye nanyee le Yehowa ƒe ŋku me, emegbe woazu towò.


Ke Yehowa ɖi be, yeatsɔ dɔléle agbãe gudugudu; ne etso eɖokui wo fɔɖivɔsae la, akpɔ dzidzimeviwo, anɔ agbe didie, eye Yehowa ƒe tameɖoɖo adze edzi to eƒe asi dzi.


Le ŋkeke enyiagbe woatso alẽvi eve, siwo so blibo, kple alẽnɔ, si xɔ ƒe ɖeka, eye wosa blibo la, akpe ɖe wɔ memee tre etɔ̃, si wodzaba kple ami ŋu awɔ nuɖuvɔsae, hekpe ɖe ami trevi ɖeka ŋu.


Eye nunɔla, si le nua wɔm la, nakplɔ amesi ŋu kɔm wole la, akpe ɖe nuawo ŋu aɖo Yehowa ŋku me le Mawu ƒe agbadɔ la nu.


Eye nunɔla la nawɔ fɔɖivɔsalã ŋu dɔ, eye wòalé avu na amesi ŋu kɔm wole, le esi eŋu mekɔ o ta; eyome wòawu numevɔsalã la.


Ne amea ɖe meɖi anukware o, eye wòɖe ŋu ɖi ɖa vo le Yehowa ƒe nu kɔkɔeawo me la, ekema wòatsɔ agbo, si sɔ blibo, eye nèbu be, anɔ klosalo sekel kɔkɔe eve la, asa fɔɖiŋuvɔ na Yehowa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa