Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 13:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ke ne eɖe nunɔla la gbɔ, eye wòbui amesi ŋu ka, hafi dzi la va kaka ɖe eƒe ŋutigbalẽ me emegbe la, ekema wòagatsɔ eɖokui afia nunɔla la zi evelia.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 gake nenye be dzi la keke ɖe edzi le eƒe ŋutigbalẽ ŋu esi wòtsɔ eɖokui fia nunɔla la be wòagblɔ be eŋuti kɔ vɔ megbe la, ele nɛ be wòagbugbɔ ayi nunɔla la gbɔ.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 13:7
10 Mawu Ofanana  

Elabena wò aŋutrɔwo ɖo agu ɖe menye, eye wò asi te ɖe dzinye.


Ne amea ɖe ƒe ŋutigbalẽ dze haƒla, aklabi alo dzi, eye wòbe, yeatrɔ zu anyi la, ekema woakplɔ ame la ava nunɔla Aron alo viaŋutsu, siwo nye nunɔlawo la, dometɔ ɖeka gbee.


Ne nunɔla kpɔe ɖa le ŋkeke adreagbe, eye wòkeke ɖe nu la, ekema nunɔla nabui ame makɔmakɔe; anyie wònye.


Ne nunɔla la gakpɔe ɖa le ŋkeke adreagbe, eye nu la teƒe lé akpa, eye mekaka ɖe eƒe ŋutigbalẽ me o la, ekema nunɔla nabui amesi ŋu ko; elabena dzi ko wònye, eye ame la nanyã eƒe avɔwo, ekema eŋu ko.


Ne nunɔla la kpɔ bena, dzi la kaka ɖe eƒe ŋutigbalẽ me la, ekema nunɔla la nabui ame makɔmakɔe, anyie wònye.


Ne nunɔla la va le ŋkeke adreagbe, eye wòkpɔ bena, nu la keke ɖe nu le xɔ la ƒe gli ŋu la,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa