Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 13:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ne amea ɖe ƒe ŋutigbalẽ dze haƒla, aklabi alo dzi, eye wòbe, yeatrɔ zu anyi la, ekema woakplɔ ame la ava nunɔla Aron alo viaŋutsu, siwo nye nunɔlawo la, dometɔ ɖeka gbee.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 “Ne ame aɖe kpɔ nutete alo dzi alo teƒe aɖe si fu le eƒe ŋutilã ŋu si ate ŋu azu ŋutilã ƒe dɔxɔleameŋu la, woakplɔe ayi nunɔla Aron alo Via ŋutsu siwo nye nunɔlawo la dometɔ ɖeka gbɔ.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 13:2
23 Mawu Ofanana  

Neva Yoab ƒe ta kple fofoa ƒe aƒe blibo la dzi, eye afuɖɔla kple anyidzela, amesi tɔna ɖe ati ŋu kple amesi tsia yi nu kpakple amesi abolokoe wona, nu matso le Yoab ƒe me o!


Naeman enye Aram-fia ƒe aʋafia, exɔ ŋkɔ le eƒe aƒetɔ gbɔ, eye bubu le eŋu, elabena eya dzi Yehowa to na dziɖuɖu Aram; enye kalẽtɔ, gake edze anyi.


Eyata Naeman ƒe anyi la ade ɖe mia kple wò dzidzimeviwo ŋu tegbee! Tete wodzo le eŋku me, eye anyi ƒo ɖe eŋu fu kpii.


Teƒe nyuia ɖeke mele eŋu o, tso afɔƒo me vaseɖe dzodome: abi kple dodro kpakple ƒoƒo yeye; womeyɔ tsi le eme o, womeblae o, eye womeɖe ami ɖee wobɔbɔ o.


eyata Aƒetɔ la abebe ta na Zion-nyɔnuviwo, eye Yehowa aɖe ama wo.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose kpakple Aron bena:


Ne nunɔla kpo nusi le eƒe ŋutigbalẽ ŋu, eye fu, siwo le eteƒe, fu ɣie, eye nu la teƒe nye ɖe me wu ŋutigbalẽ bubuawo la, ekema anyie; eye ne nunɔla la kpɔe la, woabui ame makɔmakɔe.


Ne nunɔla la kpɔ bena, dzi la kaka ɖe eƒe ŋutigbalẽ me la, ekema nunɔla la nabui ame makɔmakɔe, anyie wònye.


eye nunɔla la nado ayi egbɔ le asaɖa la godo. Ne nunɔla la kpɔ bena, anyi la vɔ le anyidzela ŋu la,


ekema xɔtɔ nava gblɔ na nunɔla bena: Nane ɖo ɖe nye xɔ ŋu abe anyi ene.


kpakple aklabi, nuƒoame kple dzi ŋuti,


Elabena nunɔla ƒe nuyiwo nedzra sidzedze ɖo, eye woadi nufiame le eƒe nu me; elabena Yehowa Zebaot ƒe ame dɔdɔ wònye.


Esi alilikpo la ho tso agbadɔa dzi la, kasia Miryam dze anyi, eye wòfu ɣie abe agbelimɔwɔtsi ene; eye esi Aron trɔ ɖe Miryam ŋu la, kpo ɖa, edze anyi.


Megana wòano abe ɖevi, si ku ɖe dɔ me na dada, eye eƒe akpa ɖeka vo, hafi wodzii la ene o!


Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, megagblɔe na amea ɖeke o; ke heyi ɖatsɔ ɖokuiwò fia mawununɔla boŋ, eye natsɔ nunana, si Mose ɖo anyi la, ana, ne wòanye ɖaseɖiɖi na wo.


eye wògblẽ nɛ bena: Kpɔ nyuie! Megagblɔ naneke na amea ɖeke o; ke heyi natsɔ ɖokuiwò afia mawununɔla boŋ, eye na nusiwo ŋuti Mose de se ɖo la, le wò ŋutikɔklɔ la ŋuti, ne wòanye ɖaseɖiɖi na wo.


Eye esi wòkpɔ wo la, egblɔ na wo bena: Miheyi ɖatsɔ mia dokui tia nunɔlawo. Eye wòva ve me, esi woyina la, wo ŋuti kɔ.


Eye wòde se nɛ be: Megagblɔe na amea ɖeke o, ke boŋ heyi ɖatsɔ ɖokuiwò fia nunɔla, eye namè nu le wò ŋutikɔklɔ la ŋuti, ɖe alesi Mose de se la nu, wòanye ɖaseɖiɖi na wo.


Kpɔ ɖokuiwò dzi le anyidɔwo ŋu, eye nale nusiwo katã nunɔla, amesiwo nye Lewitɔwo, afia wò la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi pɛpɛpɛ. Lé nusiwo ŋu mede se le na wò la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi.


Yehowa akplɔ Egiptetɔwo ƒe zubo, ƒoƒoe, anyi kple akpa aƒu wò, eye mahaya akpɔ o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa