Eye woatsi xɔ me ŋkeke blaetɔ̃ vo etɔ̃, le ʋu, si le eŋu la ta. Maɖe asi nu kɔkɔea ɖeke ŋu o, eye mekpɔ mɔ aɖe kɔkɔeƒe la hã o, vaseɖe esime ŋkekeawo naɖe, eye eŋu nakɔ hafi.
Ke míenyae bena, nusianu, si se la le gbɔgblɔm la, etonɛ na amesiwo le se la me, bene amesiame ƒe nu natsi te, eye xexeme blibo la katã nazu fɔɖila na Mawu.
Ke esia gblɔm mele: Nubabla, si dzi Mawu ɖo kpee ɖi hena Kristo la, se, si wode ƒe alafa ene kple blaetɔ̃ megbe la, mele ŋu tui, bene woaɖe ŋugbedodo la ɖa o.