Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 11:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Migaɖu woƒe lã o, eye migade asi woƒe kuku hã ŋu o, elabena nu makɔmakɔwo woanye na mi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Mele be miaɖu eƒe lã loo alo aka asi eƒe kukua teti hã ŋu o. Nu makɔmakɔ wònye na mi.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 11:8
22 Mawu Ofanana  

Midzo, midzo, miʋu tso afima! Migaka asi nu makɔmakɔa ɖeke ŋu o! Miʋu tso wo dome; mi Yehowa ƒe nutsɔlawo, mikɔ mia ɖokui ŋu!


Womatsi Yehowa ƒe anyigba dzi o, ke boŋ Efrayim agbugbɔ ayi Egipte, eye woaɖu nu makɔmakɔ le Asur.


kpakple ha, elabena eƒe afɔkli me fe keŋ, gake megadzɔa nu ɖuna o, lã makɔmakɔ wòanye na mi.


Tɔmelã, siwo katã miekpɔ mɔ aɖu la wonye, esiwo ŋu adza kple tsrowo le, le ƒuwo kple tɔsisiwo me.


Alo ne amea ɖe de asi nu makɔmakɔa ɖe ŋu, eɖanye gbemelã, aƒemelã alo nutata makɔmakɔa ɖe ƒe kuku ŋu o, eye menyae o la, ekema egblẽ ko ɖo, eye wòɖi fɔ.


Menye nusi ke yia nu me la, gblẽa kɔ ɖo na ame o; ke nusi ke doa go tsoa nu me la, eya koe gblẽa ko ɖo na ame.


Woawoe nye nusiwo ƒoa ɖi ame; ke ne woɖu nu asi maklɔmaklɔe la, eya meƒoa ɖi ame o.


Naneke meli, si atso gota ayi ɖe ame me, si ate ŋu aƒo ɖii o; ke boŋ nusiwo le go dom tso ame me la, woawoe nye nusiwo ƒoa ɖi ame.


Eye wògblɔ na wo bena: Ale miawo hã mienye ame masenugɔmewoe nye esi mahã? Alo miedze sii kpɔ bena, nusianu, si tsoa gota yina ɖe ame me la, mate ŋu aƒo ɖii o;


Eye wokpɔ bena, eƒe nusrɔ̃laa ɖewo le abolo ɖum kple asi ƒoɖi, egɔme nye asi maklɔmaklɔe la;


Eye wògblɔ na wo bena: Mia ŋutɔwo mienya, alesi mele sea nu bena, Yuda-ŋutsua ɖe nabɔ ha kple dukɔ bubu me tɔa ɖe alo ava egbɔ o, eye nye la Mawu fiam bena, nyemagayɔ amea ɖeke be ame dzodzro alo ame makɔmakɔ o;


bena, miatsri trɔ̃wo ƒe vɔsawo kple ʋu kple lã tsiʋumewo kple ahasiwɔwɔ; ne miekpɔ mia ɖokui dzi nyuie le wo me la, ekema miewɔe nyuie. Minɔ anyi sesĩe!


Enyo bena, màɖu lã o, eye màno aha hã o, alo mawɔ nane, si nɔviwò klina alo wòɖia enu alo wògbɔdzɔna le eŋuti la o.


Ke nuɖuɖu mawɔ mi bubu le Mawu ƒe ŋku me o, elabena nenye be, míeɖua nu la, míezua gã wu o, eye nenye be, míeɖua nu o la, míezua sue wu o.


Eyaŋuti mido go le wo dome, eye miɖe mia ɖokui ɖa, Aƒetɔ la gblɔe, eye migaka asi nu makɔmakɔ ŋuti o, eye nye la maxɔ mi,


eye migade ha kple viviti me dɔwɔwɔ, siwo metsea ku o la o, ke mihe nya ɖe wo ŋu boŋ.


Eyata migazu woƒe hadelawo o;


Eyata migana amea ɖeke nadrɔ̃ ʋɔnu mi le nuɖuɖu alo nunono ŋuti alo le ŋkekenyuie alo ɣletidzedzi alo Sabat la gome o.


nusiawo katã hekpe ɖe nuɖuɖuwo kple nunonowo kpakple tsilele bubu ƒomeviwo ŋuti la wonye ŋutilã me nuɖoanyiwo ɖeɖeko, siwo woɖo ɖi vaseɖe ɖɔɖɔɖoɣi la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa