Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 11:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Nusianu, si dzi woƒe kukua ge dze la, ŋu mekɔ o, eɖanye atinuwo, avɔ, lãgbalẽ, kotoku alo nusianu, si ŋu dɔ wowɔna o, ele be, woade wo tsi me, eye wo ŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ; emegbe hafi wo ŋu agakɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

32 Nu sia nu si dzi nu siawo dometɔ aɖe ƒe kukua ge dze la ŋu mekɔ o. Ne ege dze nu si wowɔ kple ati, avɔ, ɖovu alo kotoku aɖe dzi la, ele be woaklɔe kple tsi alo anyae, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ. Le esia megbe la, woagate ŋu awɔ eŋu dɔ.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 11:32
12 Mawu Ofanana  

Esiawo nye lã makɔmakɔwo na mi le lã suewo katã dome; amesi ade asi woƒe kukua ŋu la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Ŋkeke alesi xɔ la gale tutu ko, hafi amea ɖe ge ɖe eme la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Ne afuɖɔla de asi anyinua ɖe ŋu la, ekema woagbãe; ke nenye atinue la, ekema woaklɔe kple tsi.


eye nunɔla la nawɔ wo ŋu dɔ; wòatsɔ ɖeka asa nuvɔ̃vɔe, eye wòatsɔ evelia asa numevɔe. Ale nunɔla la alé avu nɛ le Yehowa ŋku me le eƒe afu la ta.


Amesi kplɔ gbɔ̃tsu la ɖo ɖe Asasel gbɔ la, nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, emegbe hafi wòkpɔ mɔ ava asaɖa la me.


Ne duamevi alo amedzrovia ɖe ɖu lã kuku alo lã, si nu lé la, ekema wòanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ; emegbe eŋu kɔ.


amesi ka asi nusiawo ƒe ɖe ŋu la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ, eye maɖu nunana kɔkɔe la ƒe ɖeke o, negbe ɖeko wòale tsi hafi.


Nusianu, si le nuvo, eye wometu nu enu o la, ŋu mekɔ o.


Nunɔla nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, emegbe hafi wòkpɔ mɔ ava asaɖa la me: gake nunɔla ŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


amesi tso eɖokui hena ɖe mía ta, bene yeaxe fe ɖe mia ta axɔ mí atso sedzimawɔmawɔ katã me, eye bene yeaklɔ dukɔ, si doa vevie le dɔ nyui wɔwɔ me la ŋuti hena ye ŋutɔ ɖokui!


exɔ mi ɖe agbe; menye le dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ, si miawo miewɔ la ta o, ke boŋ exɔ mí le eƒe nublanuikpɔkpɔ la nu to gbugbɔgadzi ƒe tsilele kple Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe yeye wɔwɔ la me,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa