Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 11:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Miekpɔ mɔ aɖu lãtɔne, siwo katã ƒe afɔkli me fe, eye wodzɔa nu gaɖuna.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Miate ŋu aɖu lã sia lã si ƒe afɔkli me fe, eye wòdzɔa nu gaɖuna.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 11:3
17 Mawu Ofanana  

ekema nunya age ɖe wò dzi me, eye sidzedze avivi wò luʋɔ nu.


Miɖe asi le bometsitsi ŋu, ne mianɔ agbe, eye milé gɔmesese ƒe mɔ tsa tẽ!


Migblɔ na Israel-viwo be: Lã, siwo miaɖu le lãfɔnewo dome le anyigba dzi la, wonye si.


Lã, siwo katã ƒe afɔkli me fe, gake mete ʋu keŋ o, eye womegadzɔa nu ɖuna o la, lã makɔmakɔwo woanye na mi; amesiame, si aka asi wo ŋu la, eŋu meka o.


Ke lã, siwo dzɔa nu gaɖuna kple esiwo ƒe afɔkli me fe dometɔ, siwo miaɖu o la, wonye, kposɔ, elabena edzɔa nu gaɖuna, ke eƒe aƒɔkli me mefe o, lã makɔmakɔ wòanye na mi;


xɔfie, elabena edzɔa nu gaɖuna, ke eƒe afɔkli me mefe o, lã makɔmakɔ wòanye na mi;


fɔmizi, elabena edzɔa nu gaɖuna, ke eƒe afɔkli me mefe o, lã makɔmakɔ wòanye na mi;


kpakple ha, elabena eƒe afɔkli me fe keŋ, gake megadzɔa nu ɖuna o, lã makɔmakɔ wòanye na mi.


Ke amesiawo ɖo ʋu wu amesiwo le Tesalonika, woawo la woxɔ nya la kple dzi faa, eye wole ŋɔŋlɔawo me dzrom gbesiagbe be, nusiawo le eme hã.


Eyaŋuti mido go le wo dome, eye miɖe mia ɖokui ɖa, Aƒetɔ la gblɔe, eye migaka asi nu makɔmakɔ ŋuti o, eye nye la maxɔ mi,


Miekpɔ mɔ aɖu lãfɔne, siwo katã ƒe afɔkli me fe, eye wodzɔa nu ɖuna.


kpakple ha, elabena eƒe afɔkli me fe, gake medzɔa nu ɖuna o; ŋunyɔnu wònye na mi. Migaɖu woƒe lã o, eye migaɖe asi woƒe kukua ŋu o.


Lé be na nusiawo, nɔ nusiawo dzi, bene wò ŋgɔgbedede nadze ƒã le nuwo katã me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa