Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 11:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Migblɔ na Israel-viwo be: Lã, siwo miaɖu le lãfɔnewo dome le anyigba dzi la, wonye si.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 “Migblɔ na Israelviwo be, ‘Le lã siwo katã nɔa anyigba dzi la, esiawoe nye esiwo miaɖu.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 11:2
22 Mawu Ofanana  

Tete megblɔ bena: Ao, Aƒetɔ Yehowa, kpɔ ɖa, nyemegblẽ ko ɖo na ɖokuinye kpɔ o, nyemeɖu lã kuku alo lã, si nu vuvu la, tso nye ɖevime vaseɖe egbe o, eye lã ƒaƒã mede nye nu me kpo o!


Ke Daniel do de ta me be, yemele fia ƒe nuɖuɖu kple wein tsɔ ge agblẽ kɔ ɖo na ye ɖokui o, eye wòɖe kuku na aƒedzikpɔlawo ƒe amegã, ne yemagagblẽ kɔ ɖo na ye ɖokui o.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose kple Aron gblɔ na wo bena:


Ŋunyɔnu woanye na mi, migaɖu woƒe lã o, eye woƒe kukua nanyɔ ŋu na mi.


Xe, siwo mianyɔ ŋui, eye miaɖu o la wonye, hɔ̃, akpo, gbagblaxetsu,


Ke miekpɔ mɔ aɖu nu dzodzoe, siwo zɔa afɔ ene dzi, eye wotsɔa megbetatiwo dzoa kpoe tso anyigba.


Anyigbadzilã sue, siwo ŋu meka na mi o wonye: adɔ, afi kple adoglo ƒomeviwo,


Miekpɔ mɔ aɖu lãtɔne, siwo katã ƒe afɔkli me fe, eye wodzɔa nu gaɖuna.


Nuɖuɖu sia nuɖuɖu, si dzi wokɔ tsi ma ɖo la, ŋu mekɔ o, eye nunono sia nunono, si le nu mawo ƒe ɖe me la, ŋu mekɔ o.


Ne lã, siwo mieɖuna la, dometɔa ɖe ku, eye amea ɖe de asi kukua ŋu la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Ke lã, siwo dzɔa nu gaɖuna kple esiwo ƒe afɔkli me fe dometɔ, siwo miaɖu o la, wonye, kposɔ, elabena edzɔa nu gaɖuna, ke eƒe aƒɔkli me mefe o, lã makɔmakɔ wòanye na mi;


Tɔmelã, siwo katã miekpɔ mɔ aɖu la wonye, esiwo ŋu adza kple tsrowo le, le ƒuwo kple tɔsisiwo me.


Menye nusi ke yia nu me la, gblẽa kɔ ɖo na ame o; ke nusi ke doa go tsoa nu me la, eya koe gblẽa ko ɖo na ame.


Migana nufiafia bubu ƒomeviwo kple dzrotɔwo nahe mi ayii o; elabena enyo be, woatso amenuveve ali ke dzi la, eye menye nuɖuɖu, siwo menye viɖea ɖeke na amesiwo wɔ eŋuti ɖa o la, woatsa o.


nusiawo katã hekpe ɖe nuɖuɖuwo kple nunonowo kpakple tsilele bubu ƒomeviwo ŋuti la wonye ŋutilã me nuɖoanyiwo ɖeɖeko, siwo woɖo ɖi vaseɖe ɖɔɖɔɖoɣi la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa