Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 10:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Migadzo le Mawu ƒe agbadɔ la nu, bena miaku o, elabena Yehowa ƒe ami le mia ŋu. Eye wowɔ, abe alesi Mose gblɔ ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Ke miawo ya la, mele be miadzo le Agbadɔ la nu o. Ne miedzo la, miaku elabena Yehowa ƒe ami si wosi na mi la gale mia dzi.” Eye wowɔ se si Mose de na wo la dzi.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 10:7
12 Mawu Ofanana  

Ɖo atsyɔ̃ na nɔviwò Aron kple viaŋutsuwo, eye nasi ami na wo, aɖo wo, eye nawɔ wo kɔkɔe, bena woanye nunɔlawo asubɔm.


Tso ami ko ɖe eƒe tame, eye nasi ami ne.


Eye nasi ami na Aron kple viaŋutsuawo awɔ wo kɔkɔe, bena woazu nunɔlawo asubɔm.


Eye Yehowa gblɔ na Aron bena:


Mado go le kɔkɔeƒe la o, bena magagblẽ kɔ ɖo na eƒe Mawu ƒe kɔkɔeƒe la o, elabena eƒe Mawu ƒe ami sisi kɔkɔe le eŋu Nyee nye Yehowa!


Eye wòkɔ ami sisi la ƒe ɖe ɖe Aron ƒe tame hesi ami ne, be wòako eŋu.


Eye Mose tsɔ ami sisi la kple nu, si le vɔsamlekpuia dzi la, ƒe ɖe wu ɖe Aron kple eƒe awuwo kpakple viaŋutsuawo kple woƒe awuwo ŋu; ale wòkɔ Aron kple eƒe awuwo kpakple viaŋutsuawo kple woƒe awuwo ŋu.


Ke egblɔ ne bena: Na ame kukuawo naɖi woa ŋutɔwo ƒe kukuawo; ke wò la yi ɖagblɔ mawufiaɖuƒe la fia.


Yesu, Nazaretetɔ la, alesi Mawu tsa Gbɔgbɔ kɔkɔe la kple ŋusẽ hesi nɛ, amesi tsa hele nu nyui wɔm, eye wòda gbe le amesiwo katã dzi Abosam ɖu la ŋu, elabena Mawu li kplii.


Ke amesi li ke mia kple miawo ɖe Kristo me, eye wòsi ami na mí la, enye Mawu;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa