Esi amesia gale nuƒoƒo dzi la, ame bubu va gblɔ bena: Mawu ƒe dzo ge tso dziƒo dze alẽawo kple dɔlaawo dzi hefiã wo, eye nye ɖeka koe kpɔtɔ, be meva gblɔe na wò.
Eye wògblɔ na Mose bena: Lia toa va Yehowa gbɔ, wò ŋutɔ kple Aron, Nadab kple Abihu kpakple Israel-me tsitsiawo dome ame blaadre, eye míado gbe ɖa le adzɔge.
Eye wowu amewo le Bet-Semestɔwo dome, elabena wokpɔ Yehowa ƒe aɖaka la. Ewu ame akpe blaatɔ̃ kple blaadre le dukɔ la dome. Tete dukɔ la fa konyi, elabena Yehowa wu amewo le dukɔ la dome ŋutɔ.