Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 10:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eye Mose bia nuvɔ̃vɔsagbɔ̃tsu, si susɔ la, ta se, eye kpɔ ɖa, wòtɔ dzoe xoxo. Tete wodo dɔmedzoe ɖe Eleazar kple Itamar, Aron viŋutsu mamleawo ŋu gblɔ bena: Nukaŋuti mieɖu nuvɔ̃vɔsalã la le teƒe kɔkɔe la o? Elabena nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye, eye wotsɔe na mi, bena miaɖe ha lã ƒe vodadawo ɖa, eye mialé avu na wo le Yehowa ƒe ŋku me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Mose di gbɔ̃tsu si wotsɔ vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la le afi sia afi. Eva dze sii be wotɔ dzoe xoxo! Nu sia na wòdo dɔmedzoe vevie ɖe Eleaza kple Itamar, Aron ƒe viŋutsu eve siwo susɔ la ŋu.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 10:16
12 Mawu Ofanana  

amesi nye Abisua vi, amesi nye Pinexas vi, amesi nye Eleazar vi, amesi nye nunɔlawo ƒe tatɔ, Aron vi la.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose gblɔ bena:


Emegbe wòsa vɔ na dukɔ la. Elé nuvɔ̃vɔsagbɔ̃tsu, si nye dukɔa to la, eye wòwui hetsɔ sa nuvɔ̃vɔe, abe alesi wòwɔe gbã ene.


Eye nagblɔ na Israel-viwo bena: Milé gbɔ̃tsu woawo nuvɔ̃vɔsae, nyivi kple alẽvi, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, eye wosɔ blibo la, woawo numevɔsae,


Ke Mose la wu amesiwo katã le anyigba dzi.


Ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si le dɔmedzoe dom ɖe nɔvia ŋuti la, adze ʋɔnudɔdrɔ̃; eye amesi ke agblɔ na nɔvia bena takukutɔ la, adze daŋudede gã, eye amesi ke agblɔ bena lã la, adze dzomavɔʋemeyiyi.


Ke esi Yesu kpɔe la, menyo eŋu o, eye wògblɔ na wo bena: Mina ɖeviwo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o; elabena nenem mewo tɔ enye mawufiaɖuƒe la.


Eye esi wòkpɔ wo godoo kple dziku la, exa nu le woƒe dzimesesẽ la ŋuti, eye wògblɔ na ame la bena: Mlo wò asi! Eye wòmloe, eye eƒe asi la gaɖɔ ɖo.


Mibi dzi, eye migawɔ nuvɔ̃ o; ɣe la nagaɖo to ɖe miaƒe dzibibi o;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa