Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 10:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Teƒe kokoe la miaɖui le; wò ŋutɔ kple viwòŋutsuawo ƒe gome wònye tso Yehowa ƒe dzovɔsa la me; elabena nenema wode se nam.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 eya ta miaɖui le Kɔkɔeƒe la. Miawo kple mia viwo tɔe wònye tso vɔsa si wome na Yehowa la me, elabena eyae nye se si wode nam.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 10:13
7 Mawu Ofanana  

Eye wògblɔ nam be: Xɔvi, siwo le anyiehe gome, kple xɔvi, siwo le dziehe gome le teƒe, si ŋu wòtɔ kpɔ ɖo la ŋgɔdze la, xɔvi kɔkɔewo wonye, afisi nunɔla, siwo kpɔ mɔ ate ɖe Yehowa ŋu la, aɖu nu kɔkɔetɔwo le; afima woatsɔ nu kɔkɔetɔ, siwo nye nuɖuvɔsa, nuvɔ̃vɔsa kple fɔɖivɔsa ada ɖo, elabena teƒe kɔkɔe ye.


Eye Mose gblɔ na Aron kple Eleazar kpakple Itamar, viaŋutsu, siwo susɔ ɖi bena: Mitso nuɖuvɔsa, si susɔ tso Yehowa ƒe dzovɔsa me la, eye miaɖui maʋamaʋãe le vɔsamlekpui la gbɔ, elabena nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wonye.


Ke wò ŋuta, viwòŋutsuwo kple viwònyɔnuwo miaɖu lã la ƒe akɔ, si wonye kple ata, si nye adzɔ la, le teƒe dzadzɛ la, elabena wò ŋutɔ kple viwòŋutsuawo ƒe gome wònye tso Israel-viwo ƒe akpedavɔsawo me.


Ke nuɖuvɔsa mamlea nye Aron kple viaŋutsuwo tɔ, nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye tso Yehowa ƒe dzovɔsa la me.


Woatɔ dzo nunɔlawo ƒe nuɖuvɔsawo katã bliboe, eye womaɖui o.


Teƒe kɔkɔetɔ naɖui le, ŋutsu sia ŋutsu kpɔ mɔ aɖui; nu kɔkɔe wòanye na wò. Metsɔ nunana bubu, siwo katã Israel-viwo ana,


Ne amea ɖe na nunana kɔkɔe la, enye nunɔla tɔ, eye ne amea ɖe na nu nunɔla la, ekema enye etɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa